Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Nu Fitifiti Wɔwɔ Nu Gbe Tsotso?

Nu Ka Tae Nu Fitifiti Wɔwɔ Nu Gbe Tsotso?

“Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—NYAGBLƆLA 8:9.

NYA mawo ɖɔ ale si amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu le tso gbe aɖe gbe ke la nyuie. Fukpekpe kple xaxa manyagblɔwoe do tso eme. Tso blema ke la, ame siwo tsɔ susu nyui te kpɔ be yewoana nu dzɔdzɔe wɔwɔ naxɔ aƒe ɖi la doa kpo nu godogodo le amewo ƒe ŋukeklẽ kple nu fitifiti wɔwɔ ta. Nu ka gbɔe wòtso? Nu ka tae nu fitifiti wɔwɔ nu gbe tsotso ɖo? Ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ etɔ̃ siwo gbɔna la koŋ tae.

1. Nu vɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi.

Biblia gblɔe kɔtɛ be mí katã míele “nu vɔ̃ te.” (Romatɔwo 3:9) Nu vɔ̃ ‘le mía me’ abe ale si ko wonyia dɔmavɔleameŋu ƒe dome tso ame dzilawo gbɔ ene. Nu vɔ̃ ‘ɖu fia’ ɖe ameƒomea dzi ƒe akpe geɖewoe nye esia. Nu vɔ̃ ƒe “se” la le dɔ wɔm le mía me ɣeawokatãɣi. Nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo nana ame geɖewo dia wo ɖokui tɔ alo wodzea agbagba tea ame bubuwo ɖe anyi be kesinɔnuwo alo ɖoƒe nasu yewo si.—Romatɔwo 5:21; 7:17, 20, 23, 25.

2. Xexe vɔ̃ɖi si me míele ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi.

Ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi xɔ aƒe ɖe xexe sia me. Esia nana wòsesẽna na ame aɖewo be woato vovo. Nɔƒe gã didi ɖokuitɔdiditɔe nana wodina be yewoaɖu ame bubuwo dzi godogodo. Azɔ hã wodina vevie be yewoali kɔ nunɔamesiwo ɖi gleglegle. Nublanuitɔe la, wolɔ̃na faa be yewoato mɔ fitifitiwo dzi aɖo taɖodzinu mawo gbɔ. Le esi teƒe be woaɖu ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo dzi la, wonɔa “ha yome le nu vlo wɔwɔ me” boŋ.—2 Mose 23:2.

3. Satana Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi.

Satana, si nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ dzeaglã la, le “anyigba dzi nɔlawo katã blem.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Amegbetɔwo beble dzɔa dzi nɛ. Etea ŋu wɔa dzodzro si nɔa amewo me le dzɔdzɔme nu be nu nadze edzi na yewo eye ga nasu yewo si la ŋu dɔ ayetɔe tsɔ tea wo kpɔnae bene woawɔ nu fitifiti.

Ðe esia fia be Satana ate ŋu anɔ mía dom ko abe sɔ ene le ale si wòdi nua? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le nyati si kplɔe ɖo me.