Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Enye “Nyɔnu Zãzɛ”

Enye “Nyɔnu Zãzɛ”

RUT dze klo ɖe ƒo si wòfɔ le ŋkeke bliboa katã me la gbɔ. Anyigba nɔ tsyɔtsyɔm le Betlexem, eye agbledela geɖewo lé aƒemɔ heɖo ta du vi sia si le togbɛ dzi la ƒe agbo nu. Ðeɖi anya te Rut ŋu vevie le dɔ si wɔm wònɔ tso keke ŋdi me ke la ta. Ke hã, ele dɔa dzi kokoko hetsɔ ati le ƒo bablawo ƒom be nukuawo nadudu. Togbɔ be dɔa sesẽ hã la, nu sia nu yi edzi nyuie le ŋkekea me wu ale si eya ŋutɔ nɔ mɔ kpɔm nɛ.

Ðe nɔnɔmeawo va le kakam ɖe eme na ɖetugbui sia si nye ahosi la azɔa? Eku ɖe lɔ̃xoa Naomi ŋu goŋgoŋ heka atam be yeanɔ eŋu, eye Naomi ƒe Mawu, Yehowa, anye ye hã yeƒe Mawu. Ahosi eve siawo zɔ mɔ tso Moab va Betlexem, eye eteƒe medidi o, Rut si nye Moabitɔ la de dzesii be Yehowa wɔ ɖoɖo nyui siwo ŋu bubu le la ɖe eƒe Sea me, siwo awɔe be ame dahewo kple amedzrowo nakpɔ woƒe nuhiahiãwo. a Eva de dzesii hã be Yehowa ƒe ame siwo le Sea te siwo wɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi la ɖenɛ fiana to woƒe dɔmenyowɔwɔ dzi be yewolɔ̃ Yehowa ƒe sewo, eye esia wɔ dɔ ɖe Rut ƒe dzi si nɔ nu xam la dzi.

Ame siawo dometɔ ɖekae nye kesinɔtɔ Boas, si nye ame tsitsi si ƒe agble me Rut nɔ nuku dzɔdzɔewo fɔm le. Boas tsɔ ɖe le eme nɛ abe ye ŋutɔ via ene. Boas kafui ɖe ale si wòléa be na Naomi, si nye nyagã, kpakple ale si wòtiae be yeasi Yehowa, Mawu vava la, ƒe aʋala te atso ta, eye ɖikekemanɔmee la, dzi adzɔ Rut le ememe ne eɖo ŋku kafukafunya mawo dzi.—Rut 2:11-13.

Ke hã, Rut anya tsi dzi ɖe ale si agbea ava nɔ le etsɔme ŋu. Esi wònye amedzro dahe si si srɔ̃ kple vi mele o ɖe, aleke wòawɔ akpɔ eya ŋutɔ kple Naomi dzi le ƒe siwo le ŋgɔ gbɔna la me? Ðe woate ŋu anɔ agbe ɖe nukuwo fɔfɔ dzaa ko nua? Azɔ hã, ame kae akpɔ edzi le eƒe nyagãkuku me? Esɔ be wòatsi dzi ɖe nya mawo ŋu. Egbea hã, ame geɖe tsia dzi ɖe etsɔme ŋu le ɣeyiɣi sia si ganyawo le sesẽm la me. Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Rut ƒe xɔse kpe ɖe eŋu le nɔnɔme sesẽ mawo me la me.

Ame Kawoe Woayɔ Be Ƒome?

Rut wɔ dɔ kutrikukutɔe tsɔ kpɔ eya ŋutɔ kple Naomi dzi

Rut ƒo nuku siwo katã wòfɔ la heƒo wo nu ƒu. Kaka wòawɔ vɔ la, ekpɔ ƒo si ade efa ɖeka, alo lita 22. Agba sia ƒe kpekpeme anɔ abe kilogram 14 sɔŋ ene! Ðewohĩ eblae ɖe avɔ me hedroe ɖe ta, eye wòɖo ta Betlexem esime anyigba nɔ tsyɔtsyɔm.—Rut 2:17.

Dzi dzɔ Naomi ŋutɔ esi wòkpɔ lɔ̃xoyɔvia si gbɔ melɔ̃a nu le o la, eye ƒogba kpekpe si Rut tsɔ va aƒee la anya wɔ nuku nɛ. Rut susɔ nuɖuɖu si Boas na wo le agblea me la ƒe ɖe ɖi hetsɔe vɛ na Naomi wòɖu, aleae wòdzɔe be wo ame evea siaa kpɔ gome le nua ɖuɖu me. Naomi biae be: “Afi kae nèyi ɖafɔe le egbea? Eye afi ka nèwɔ dɔ le? Woayra ame si bu wò ale!” (Rut 2:19) Naomi lé ŋku ɖe nu ŋu; ede dzesii le agba kpekpe si Rut tsɔ gbɔ va aƒe mee la ŋu be ame aɖe ve ahosi sia nu henyo dɔme nɛ.

Wo ame evea de asi dzeɖoɖo me, eye Rut gblɔ ale si Boas nyo dɔme nɛ la na Naomi. Esia wɔ dɔ ɖe Naomi dzi wògblɔ be: “Yehowa, si mete eƒe amenuveve agbagbeawo kple kukuawo o la, ayrae!” (Rut 2:19, 20) Ekpɔe be Yehowa, ame si ʋãa esubɔlawo be woanyo dɔme eye wòdo ŋugbe be yeayra wo ɖe eta lae na Boas nyo dɔme na yewo. bLododowo 19:17.

Naomi de dzi ƒo na Rut be wòawɔ ɖe Boas ƒe mɔfiamea dzi afɔ nukuwo le eƒe agblea me ahalé eɖokui ɖe eƒe dɔlanyɔnuwo ŋu, ale be nuŋelaawo nagaɖe fu nɛ o. Rut wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi. Azɔ hã, eyi edzi nɔ “lɔ̃xoa gbɔ.” (Rut 2:22, 23) Lɔlɔ̃ deto, si nye nɔnɔme si ɖe dzesi le Rut ŋu la, gadze le go sia hã me. Eƒe kpɔɖeŋu sia ate ŋu ana míadzro mía ɖokui me akpɔ ɖa be ɖe míedea asixɔxɔ ƒomekadodowo ŋu eye míedoa alɔ míaƒe ƒometɔwo nuteƒewɔwɔtɔe hekpena ɖe wo ŋu hã. Yehowa meŋea aɖaba ƒua lɔlɔ̃ deto si míeɖena fiana la dzi o.

Rut kple Naomi kpe ɖe wo nɔewo ŋu hede dzi ƒo na wo nɔewo hã

Ðe míagblɔ be womate ŋu abu Rut kple Naomi be wonye ƒome oa? Le dukɔ aɖewo me la, amewo xɔe se be ele be srɔ̃ŋutsu, srɔ̃nyɔnu, viŋutsu, vinyɔnu, tɔgbuiwo kple mamawo kpakple ƒometɔ bubuwo nanɔ ƒomea me hafi woagblɔ be wonye ƒome ŋutɔŋutɔ. Gake ale si Naomi kple Rut dome nɔ la ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa subɔlawo ate ŋu alé nɔvisi ahana ƒome suetɔ kekeake, si dze abe amewo mede le eme o ene la gɔ̃ hã naɖe lɔlɔ̃, dɔmenyo kple vividoɖeameŋu afia wo nɔewo. Ðe nèdea asixɔxɔ wò ƒomea ŋua? Yesu ɖo ŋku edzi na eyomedzelawo be Kristo hamea me tɔwo ate ŋu azu ƒometɔwo na ame siwo si ɖeke mele o la gɔ̃ hã.—Marko 10:29, 30.

“Mía Srɔ̃ɖia Wònye”

Rut yi edzi nɔ ƒoa fɔm le Boas ƒe agble me tso ƒoxaɣi, si dzea egɔme tso April me lɔƒo va se ɖe luxaɣi, le June me lɔƒo. Ðikeke mele eme o be esi kwasiɖawo va nɔ yiyim la, Naomi nɔ nu si wòate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe lɔ̃xoayɔvi si gbɔ melɔ̃a nu le o la ŋu bum. Esime wonɔ Moab la, Naomi ka ɖe edzi na Rut be manya wɔ be yeakpɔ srɔ̃ bubu nɛ wòaɖe o. (Rut 1:11-13) Gake fifia ya eƒe susu va le tɔtrɔm. Egblɔ na Rut be: “Vinye, nyemadi dzudzɔƒe na wò . . . oa?” (Rut 3:1) Enye nu si bɔ ɣemaɣi be dzilawo nadi srɔ̃ na wo viwo, eye Rut hã va nɔ ko abe Naomi vinyɔnu ŋutɔŋutɔ ene. Edi be yeadi “dzudzɔƒe” na Rut. Dzudzɔƒe si wòwɔnɛ la ku ɖe ale si aƒe kple srɔ̃ŋutsu si anɔ Rut si la akpɔ eta ahana wòanɔ dedie la ŋu. Gake nu kae Naomi ate ŋu awɔ nɛ?

Zi gbãtɔ si Rut ƒo nu tso Boas ŋu la, Naomi gblɔ be: “Ŋutsu la míaƒe ƒometɔe, eye mía srɔ̃ɖia wònye.” (Rut 2:20) Nu kae nya ma fia? Le Se si Mawu tsɔ na Israel viwo me la, ewɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe ɖe ale si woakpɔ ƒome siwo agbea le sesẽm na le ahedada alo ƒometɔ aɖe ƒe ku ta la ƒe nuhiahiãwo gbɔ ŋu. Ne nyɔnu aɖe zu ahosi evɔ vi mele esi o la, ke eƒe nu wɔ nublanui ŋutɔ, elabena srɔ̃a ƒe ŋkɔ abu tegbee, eye dzidzimevi aɖeke manɔ esi o. Ke hã, le ɖoɖo si le Mawu ƒe Sea me nu la, ŋutsu si ku la nɔviŋutsu aɖe ahosia, ale be woate ŋu adzi vi si ŋu ŋutsua ƒe ŋkɔ anɔ, eye ƒomea ƒe nunɔamesiwo nanɔ eƒe dzikpɔkpɔ te. c5 Mose 25:5-7.

Naomi gblɔ nu si wòɖo ɖe ta me la na Rut. Míate ŋu akpɔ ale si eƒe nyawo awɔ mo yaa na ɖetugbui sia esime wònɔ to ɖom lɔ̃xoa la ɖaa le susu me. Anɔ eme be Israel ƒe Se la gakpɔtɔ nye nu yeye na Rut; eye anɔ eme be menya nu boo aɖeke tso woƒe dekɔnuwo ŋu o. Ke hã, eɖo to nya sia nya si Naomi gblɔ, le esi wòdea bubu deto eŋu ta. Ate ŋu akpe ŋu na Rut be wòawɔ nu si ƒe aɖaŋu Naomi ɖo nɛ la dzi, eye wòasusui be edziwɔwɔ ate ŋu ana woado ŋukpe ye gɔ̃ hã—gake elɔ̃. Egblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Nu siwo katã nègblɔ la, mawɔe!”—Rut 3:5.

Ɣeaɖewoɣi la, esesẽna na sɔhɛwo be woaxɔ aɖaŋu siwo ame tsitsi siwo kpɔ nuteƒe wu la ɖona na wo. Ele bɔbɔe be woasusui be ame tsitsiwo mese kuxi kple nɔnɔme sesẽ siwo me sɔhɛwo tona la gɔme o. Rut ƒe ɖokuibɔbɔa ɖoa ŋku edzi na mí be ame tsitsi siwo lɔ̃ mí hetsɔ ɖe le eme na mí la ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe vi geɖe na mí. Ke aɖaŋu kae Naomi ɖo na Rut, eye ɖe edziwɔwɔ ɖe vi nɛ ŋutɔŋutɔa?

Rut Yi Lugbɔƒe

Le ɣetrɔ me la, Rut yi lugbɔƒea. Enye gbadzaƒe, afi si anyigba sesẽ le, si agbledelawo tsɔa woƒe nukuwo yina be yewoatugu ahagbɔ. Zi geɖe la, enyea togbɛ ƒe abu me alo etame, afi si yaa nu sẽna le le ɣetrɔ me lɔƒo. Dɔwɔlawo tsɔa sofi alo gaflo gãwo lɔa nuku si wotugu la dona ɖe dzi be ya naƒo atsaa kple gbe wuwluiawo, siwo le wodzoe wu la adzoe, ke nukuawo, siwo le kpekpem wu la kɔna ɖe anyigba.

Le Boas ƒe manyamanya me la, Rut nɔ nu si nɔ edzi yim la kpɔm va se ɖe esime dɔa wu enu le fiẽsi me. Boas nɔ eƒe dɔwɔlawo nu esime wonɔ eƒe nukuawo gbɔm nɔ kɔkɔm ɖi va se ɖe esime wòzu kpo gã aɖe. Esi wòɖu nu ɖi ƒo vɔ la, emlɔ nuku si woƒo ƒu ɖi la ƒe mlɔenu. Edze ƒãa be alea koe wowɔnɛ ɣemaɣi ene, be adzodalawo kple fiafitɔwo nagava fi nukuawo o. Esime Boas nɔ anyi mlɔm la, Rut kpɔe. Ɣeyiɣia de azɔ be Rut nawɔ ɖe Naomi ƒe mɔfiamea dzi.

Rut ƒe dzi nɔ tsotsom esime wònɔ tetem ɖe eŋu dzadzadza. Ekpɔe be ŋutsua dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Eya ta abe ale si Naomi ɖo aɖaŋu nɛ ene la, eyi ɖaklo avɔ le eƒe afɔ ŋu hemlɔ eƒe afɔde nɔ lalam be wòanyɔ. Nuwo menɔ tsɔtsɔm na Rut kura o. Mlɔeba, le zãtiƒe lɔƒo la, Boas nyɔ. Esi wònɔ ƒoƒom le vuvɔ ta la, ebi kɔ, ɖewohĩ kple susu be yeahe avɔa atsyɔ yeƒe afɔwo ake. Ke ede dzesii be ame aɖe mlɔ yeƒe afɔde. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Kpɔ ɖa, nyɔnu aɖe mlɔ eƒe afɔde.”—Rut 3:8.

Boas bia be, “Wò ame kae?” Rut ƒe gbe me anya nɔ ƒoƒom esi wòɖo eŋu nɛ be: “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue; keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye!” (Rut 3:9) Egbegbe numeɖela aɖewo gblɔna be edze le nu siwo Rut wɔ kple nya siwo wògblɔ me be gbɔdɔdɔ ƒe susue nɔ esi. Gake woŋe aɖaba ƒu nyateƒenya eve aɖewo dzi. Gbãtɔe nye be, dekɔnu siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dzie Rut nɔ zɔzɔm ɖo, evɔ míenya nu boo aɖeke tso kɔnu mawo ŋu egbea o. Eya ta anye vodada be míasusui be agbenɔnɔ si xɔ aƒe ɖe xexe dzeakaɖa sia me la tɔgbie wòɖe fia. Evelia, ale si Boas wɔ nu ɖe eŋui la fia kɔtɛ be fɔɖiɖi aɖeke mele Rut ƒe nuwɔna sia ŋu o, eye wòkafui ɖe eta boŋ.

Susu nyuiwo tae Rut di be Boas naɖe ye ɖo, ke menye eɖokui tɔ dimee wònɔ o

Ðikeke mele eme o be gbe blewu si Boas tsɔ ƒo nu na Rut tufafatɔe la fa akɔ nɛ. Egblɔ be: “Yehowa ayra wò, vinye! Èɖe wò lɔlɔ̃ fia fifia wu tsã; elabena mèdze ɖekakpuiwo, ame dahe alo hotɔwo yome o.” (Rut 3:10) ‘Tsãtɔa’ fia Rut ƒe lɔlɔ̃ deto si wòɖe fia esime wòkplɔ Naomi ɖo tso Moab va Israel heva le edzi kpɔm. Ke afɔ si wòɖe fifia lae nye ‘fifitɔ.’ Boas de dzesii be anɔ bɔbɔe na ɖetugbui abe Rut ene be wòadi be yeaɖe ɖekakpui, eɖanye kesinɔtɔ alo ame dahe o. Ke hã, Rut di be yeanyo dɔme na Naomi kple srɔ̃a si ku la siaa, ale be wòalé ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ ɖe te le wo de. Eya ta ele bɔbɔe be míakpɔ nu si tae ɖetugbui sia ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ wɔ dɔ ɖe Boas dzi ɖo.

Boas gblɔ kpee be: “Eya ta, vinye, mègavɔ̃ o! Mawɔ nu siwo katã nègblɔ la na wò; elabena nye dukɔ ƒe du blibo la nyae bena, nyɔnu zãzɛ nènye.” (Rut 3:11) Edzɔ dzi nɛ be mɔnukpɔkpɔ su ye si be yeaɖe Rut; ɖewohĩ mewɔ nuku nɛ be Rut va bia tso esi be wòanye srɔ̃ɖia o. Ke esi Boas nye nu dzɔdzɔe wɔla ta la, meɖoe be yeatsɔ yeƒe didiwo aɖo nɔƒe gbãtɔ o. Egblɔ na Rut be ƒometɔ bubu aɖe li si nye srɔ̃ɖia si te ɖe Naomi srɔ̃ si ku la ƒe ƒomea ŋu wu ye; eya ta Boas ate ɖe ŋutsu ma ŋu gbã ahatsɔ mɔnukpɔkpɔa aɖo eŋkume be wòanye Rut srɔ̃.

Boas gblɔ na Rut be wòagamlɔ anyi aɖi ɖe eme va se ɖe fɔŋli ne wòafɔ adzo, be ame aɖeke nagakpɔe o. Ewɔ esia kple susu be amewo nagabu susu gbegblẽ ɖe eya ŋutɔ kple Rut siaa ŋu o, elabena amewo ate ŋu asusui vodadatɔe be wonɔ agbe gbegblẽ. Rut gamlɔ ŋutsua ƒe afɔde ake, eye anɔ eme be eƒe susu dze akɔ anyi wu azɔ le esi Boas wɔ nu ɖe eŋu dɔmenyotɔe ta. Hafi xexea me nakɔ la, Boas dzidze ƒo gbogbo aɖe kɔ ɖe Rut ƒe taɖedzia me, eye Rut trɔ ɖo ta Betlexem.

Aleke gbegbe wòadzɔ dzi na Rut enye esi ne eɖo ŋku nya si Boas gblɔ dzi be, dua me tɔwo katã nyae be “nyɔnu zãzɛ” ye wònye! Ðikeke mele eme o be ale si wòlɔ̃ faa be yeadze si Yehowa ahasubɔe la hã wɔ akpa vevi aɖe be wòxɔ ŋkɔ nyui ma. Azɔ hã, dɔmenyowɔwɔ kple ameŋububu deto dze le ale si wòwɔ nu ɖe Naomi kple eƒe amewo ŋu me, elabena elɔ̃ faa trɔ ɖe dekɔnu kple nuwɔna siwo ŋu menya nu tsoe tsã o la ŋu. Ne míesrɔ̃ Rut ƒe xɔse la, míadi be míade bubu amewo, woƒe dekɔnuwo kple ale si wowɔa nui ŋu. Esia wɔwɔ ate ŋu ana míawo hã míawɔ ŋkɔ nyui na mía ɖokuiwo.

Rut Kpɔ Dzudzɔƒe

Esi Rut gbɔ va aƒe me la, Naomi biae be: “Aleke nèdee, vinye?” Naomi di be yeanya nenye be ahosi si Rut nye la koe wòagakpɔtɔ anye loo alo be mɔkpɔkpɔ li be ava zu srɔ̃tɔ. Enumake Rut gblɔ nu siwo katã yi edzi le woa kple Boas dome la na lɔ̃xoa. Etsɔ ƒo si Boas tsɔ nɛ dɔmenyotɔe be wòatsɔ ana Naomi la hã nae. dRut 3:16, 17.

Naomi wɔ nu nunyatɔe esi wògblɔ na Rut be wòanɔ aƒe me kpoo gbe ma gbe le esi teƒe be wòayi agble me be yeaɖafɔ nuku dzɔdzɔewo. Egblɔ na Rut kakaɖedzitɔe be: “Ŋutsu la maɖe dzi ɖi o, va se ɖe esime wòaɖo ta na nya la egbea hafi.”—Rut 3:18.

Nu si Naomi gblɔ tso Boas ŋu la nɔ eteƒe. Boas yi dua ƒe agbo nu, afi si dua me metsitsiwo kpea ta le zi geɖe la helala va se ɖe esime ŋutsu si nye ƒometɔ kplikplikpli wu la tso eme va yina. Le ɖasefowo ŋkume la, Boas tsɔ mɔnukpɔkpɔa ɖo ŋutsua ŋkume be wòaɖe Rut le esi wònye eyae nye srɔ̃ɖia ta. Ke hã, ŋutsua gbe hegblɔ be esia wɔwɔ ana ye ŋutɔ yeƒe domenyinu dome nagblẽ. Boas gblɔ le ɖasefoawo katã ŋkume le dua ƒe agbo nu be yeanye srɔ̃ɖia la, eye yeaxɔ Naomi srɔ̃ Elimelex si ku la ƒe nunɔamesiwo aƒle ahaɖe Rut, si nye Elimelex viŋutsu Maxlon ƒe ahosi la. Boas gblɔ be esia wɔwɔ ana “ame kuku la ŋkɔ natsi eƒe domenyinu ŋu!” (Rut 4:1-10) Boas nye nu dzɔdzɔe wɔla si media eɖokui tɔ o vavã.

Boas ɖe Rut. Le ema megbe la, nuŋlɔɖia gblɔ be: “Yehowa na wòfɔ fu dzi ŋutsuvi.” Betlexem nyɔnuwo yra Naomi hekafu Rut be ede ŋutsuvi adre nu na Naomi gbɔ edzi. Ŋɔŋlɔawo na míenya emegbe be ŋutsuvi si Rut dzi la va zu Fia David, si xɔ ŋkɔ la, tɔgbui. (Rut 4:11-22) Eye David hã va nye Yesu Kristo tɔgbui.—Mateo 1:1. e

Yehowa yra Rut be mɔnukpɔkpɔ su esi wòva zu Mesia la mama

Mawu yra Rut vavã, eye wòyra Naomi, ame si kpe asi ɖe ɖevia nyinyi ŋu abe eya ŋutɔ via ene la hã. Nyɔnu eve siawo ƒe ŋutinya la ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa Mawu megblẽa ame siwo katã dagbana ɖokuibɔbɔtɔe be yewoakpɔ yewoƒe aƒemetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye wowɔa ɖeka kple eƒe amewo hesubɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe la ɖi o. Mawu medoa kpo nuteƒewɔla siwo wɔa ŋkɔ nyui le egbɔ, abe Rut ene, la yayra o.

a Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Srɔ̃ Woƒe Xɔse—‘Afi Si Nàyi La, Afi Ma Mayi,’” si dze le July 1, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

b Abe ale si Naomi de dzesii ene la, Yehowa keke eƒe dɔmenyowɔwɔa ɖe enu wòlɔ agbagbeawo kple kukuawo siaa ɖe eme. Naomi srɔ̃ kple via eveawo siaa ku. Rut hã srɔ̃ ku. Ðikeke mele eme o be Rut kple Naomi ƒe nu nɔ vevie na ŋutsu etɔ̃ mawo ŋutɔ. Eya ta dɔmenyo ɖe sia ɖe si woawɔ na Rut kple Naomi la nye dɔmenyowɔwɔ na ŋutsu etɔ̃ mawo siwo adi be woalé be na nyɔnu siawo na yewo la.

c Edze ƒãa be ahosia ɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔa yina na ŋutsu si ku la nɔviŋutsuwo gbã, eyome eƒe ƒometɔ si te ɖe eŋu kplikplikpli, abe ale si wònɔ le nunɔamesiwo dome nyinyi gome ene.—4 Mose 27:5-11.

d Boas na ƒo dzidzenu ade Rut—ɖewohĩ susuae nye be abe ale si ko wowɔa dɔ ŋkeke ade hedzudzɔna le Sabat dzi ene la, Rut hã ƒe fukpekpe abe ahosi ene nu ava yi kpuie ne ekpɔ “dzudzɔ” le srɔ̃a ƒe me, afi si wòanɔ dedie le. Gake ate ŋu anye hã be ƒo dzidzenu ade, si ɖewohĩ wotsɔ sofi dzidze lae Rut ate ŋu atsɔ ta koe wòdzidze agbɔsɔsɔ ma nɛ ɖo.

e Rut hã le nyɔnu atɔ̃ siwo ƒe ŋkɔ woyɔ le Yesu ŋuti dzidzimexexlẽfia si le Biblia me la me. Nyɔnu bubu hãe nye Raxab, si nye Boas dada. (Mateo 1:3, 5, 6, 16) Abe Rut ene la, eya hã menye Israel vi o.