Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃wo—Ðe Wofia Be Eƒe Tame Sẽa?

Mawu Ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃wo—Ðe Wofia Be Eƒe Tame Sẽa?

BE MÍAÐO nya sia ŋu la, na míadzro Biblia me nuŋlɔɖi eve siwo ku ɖe ʋɔnu siwo Mawu drɔ̃ ŋu la me kpuie—Noa ŋɔli me Tsiɖɔɖɔa kple Kanaantɔwo tsɔtsrɔ̃.

NOA ŊƆLI ME TSIÐƆÐƆA

NYA SI AME AÐEWO GBLƆNA: “Mawu sẽ tame esi wòna tsiɖɔɖɔ tsrɔ̃ ameƒomea katã, negbe Noa kple eƒe ƒomea ko.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ: Mawu gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye.” (Xezekiel 33:11) Esia fia be ame vɔ̃ɖiwo tsɔtsrɔ̃ le Noa ŋɔli medo dzidzɔ na Mawu kura o. Ke nu ka tae wòtsrɔ̃ wo ɖo?

Biblia gblɔ tso ʋɔnu siwo Mawu drɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo le blema la ŋu be wonye “nu siwo ava va la ƒe kpɔɖeŋu na ame mavɔ̃mawuwo.” (2 Petro 2:5, 6) Nu ka ƒe kpɔɖeŋue wònye Mawu ɖo?

Gbã la, Mawu na wòdze ƒãa be, togbɔ be amewo tsɔtsrɔ̃ tena ɖe ye dzi hã la, yemeŋea aɖaba ƒua ŋutasẽla siwo naa amewo kpea fu la ƒe nuwɔnawo dzi o, eye yehea to na wo ɖe woƒe nuwɔnawo ta. Eye ne ɣeyiɣia de la, ava ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple fukpekpewo katã ɖa.

Evelia, toheʋɔnu siwo Mawu drɔ̃ le blema la ɖee fia be exlɔ̃a nu amewo lɔlɔ̃tɔe hafi drɔ̃a ʋɔnu wo. Noa nye dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, gake ame akpa gãtɔ meɖo toe o. Biblia gblɔ be: “Wometsɔ ɖeke le eme o, va se ɖe esime tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã yii.”—Mateo 24:39.

Le ema megbe la, ɖe Mawu gaxlɔ̃a nu amewo hafi drɔ̃a ʋɔnu woa? Ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me, exlɔ̃ nu eƒe dukɔ Israel be, ne wova le nu vɔ̃ɖi wɔm abe dukɔ siwo ƒo xlã wo ene la, yeaɖe mɔ futɔwo nadze wo dzi; woatsrɔ̃ woƒe fiadu, Yerusalem; eye woaɖe aboyo wo. Israel dukɔa va te nu vɔ̃ɖi wɔwɔ hã vavã, eye wotsɔ wo viwo sa vɔe le dzo me gɔ̃ hã. Ðe Yehowa he to na woa? Ɛ̃, gake eɖo nyagblɔɖilawo ɖe eƒe dukɔa zi gbɔ zi geɖe hexlɔ̃ nu wo be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ ʋuu wòglo hafi ko. Egblɔ gɔ̃ hã be: “Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.”—Amos 3:7.

NU SI TAE NYA SIA KA WÒ: Ale si Yehowa drɔ̃ ʋɔnu amewo le blema la naa mɔkpɔkpɔ sua mía si. Míate ŋu akpɔ mɔ kakaɖedzitɔe be Mawu ava drɔ̃ ʋɔnu ŋutasẽla siwo naa amewo kpea fu la. Biblia gblɔ be: “Woatsrɔ̃ ame vlowo . . . Ke  ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:9-11) Bu eŋu kpɔ, ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ana ameƒomea nakpɔ gbɔdzɔe la nye tamesesẽa, alo nublanuikpɔkpɔe?

KANAANTƆWO TSƆTSRƆ̃

NYA SI AME AÐEWO GBLƆNA: “Kanaantɔwo tsɔtsrɔ̃ ɖa nye hlɔ̃nuwɔwɔ dziŋɔ si woate ŋu atsɔ asɔ kple ame ƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa si yia edzi egbea.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “[Mawu ƒe] mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o.” (5 Mose 32:4) Womate ŋu atsɔ Mawu ƒe toheʋɔnuwo asɔ kple aʋa siwo amegbetɔwo wɔna o. Nu ka tae? Elabena Mawu mele abe amegbetɔ siwo metea ŋu kpɔa ame ƒe dzi me la ene o, ke boŋ enya ale si amewo le le ememe.

Le kpɔɖeŋu me, esime Mawu drɔ̃ ʋɔnu Sodom kple Gomora hetso nya me be yeatsrɔ̃ wo ɖa la, nuteƒewɔla Abraham di vevie be yeanya nenye be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a le eteƒe. Ekpɔe be yeƒe Mawu dzɔdzɔetɔ la mate ŋu “[atsrɔ̃] ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa” o. Gake dzigbɔɖitɔe la, Mawu ka ɖe edzi nɛ be, ne ame dzɔdzɔe ewo teti gɔ̃ hãe le Sodom la, yematsrɔ̃ dua o, le ame dzɔdzɔeawo ta. (1 Mose 18:20-33) Edze ƒãa be, Mawu dzro ame mawo ƒe dziwo me hekpɔ ale si gbegbe wovɔ̃ɖii la dze sii.—1 Kronika 28:9.

Nenema kee Mawu drɔ̃ ʋɔnu Kanaantɔwo hede se wòsɔ be woatsrɔ̃ wo ɖa. Wonya Kanaantɔwo nyuie ɖe woƒe tagbɔsesẽnuwɔnawo ta; wotɔa dzo wo viwo agbagbee le vɔsamlekpuiwo dzi gɔ̃ hã. * (2 Fiawo 16:3) Kanaantɔwo nyae be Yehowa de se na Israel viwo be woaxɔ anyigba bliboa wòazu wo tɔ. Ame siwo tsi anyigbaa dzi henɔ aʋa wɔm kple Israel viwo la ɖoe kplikpaa tsi tsitre ɖe Israel viwo kpakple Yehowa, ame si ɖee fia le mɔ ɖedzesiwo nu be yeli kple yeƒe dukɔa la ŋu.

Gakpe ɖe eŋu la, Mawu kpɔ nublanui na Kanaantɔ siwo ɖe asi le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋu helɔ̃ be yewoanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo nu la. Le kpɔɖeŋu me, ena Kanaantɔ Raxab gbolo la kple eƒe ƒometɔwo tsi agbe. Eye esi Kanaantɔwo ƒe du si nye Gibeon la me tɔwo bia be woakpɔ nublanui na yewo la, wokpɔ wo katã kpakple wo viwo ƒe agbe ta.—Yosua 6:25; 9:3, 24-26.

NU SI TAE NYA SIA KA WÒ: Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso ʋɔnu si Mawu drɔ̃ Kanaantɔwo la me. “Ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke la” le aƒe tum kabakaba. (2 Petro 3:7) Ne míelɔ̃ Yehowa la, yayrae wòanye na mí ne eva ɖe ame siwo tsi tsitre ɖe eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea ŋu la ɖa heto esia me na ameƒomea ƒe fukpekpewo katã nu yi.

Wonya Kanaantɔwo nyuie ɖe woƒe tagbɔsesẽnuwɔnawo ta, eye woɖoe koŋ tsi tsitre ɖe Mawu kple eƒe dukɔa ŋu

Yehowa le ŋku ɖom edzi na mí lɔlɔ̃tɔe be tiatia siwo dzilawo awɔ la me tsonuwo ava wo viwo hã dzi. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye nàku ɖe eŋu.” (5 Mose 30:19, 20) Ðe nya mawo fia be Mawu ƒe tame sẽa, alo ɖe wofia be enye Mawu si lɔ̃ amewo hedi be woawɔ tiatia nyuitɔ?

^ mm. 15 Tomenukulawo va ke ɖe nu siwo ɖo kpe edzi be Kanaantɔwo tsɔa vidzĩwo saa vɔe le woƒe mawusubɔsubɔ me la ŋu.