Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàka Ðe Mawu Dzia?

Ðe Nàka Ðe Mawu Dzia?

TSƆE be xɔ̃wò aɖe si gbɔ mèlɔ̃a nu le kura o la wɔ nane si gɔme mèse o. Ame bubuwo ƒo nu tsi tre ɖe eŋu, wodrɔ̃ ʋɔnui be susu vɔ̃ ye nɔ esi hegblɔ be eƒe tame sẽ. Ðe nàxɔ ameawo ƒe nyaa dzi se enumakea, alo àɖe mɔ be ye xɔlɔ̃a naɖe eɖokui nu? Ne eya ŋutɔ mele afi ma be wòaɖe eɖokui nu o la, ɖe nàxɔ dzigbɔɖi ahaka ɖe edzi be susu nyui aɖe tae wòwɔ nu ma ɖoa?

Hafi nàgblɔ wò susu tso nya si nèse ŋu la, àdi be yeanya nu geɖe wu tso xɔ̃wòa ŋu. Ðewohĩ àbia be, ‘Ðe menya xɔ̃nye sia nyuiea, eye susu ka koŋ tae eƒe nu doa dzidzɔ nam ɖo?’ Afɔɖeɖe nyui aɖee nye ema. Gake bu eŋu kpɔ: Ðe mele be míabu nuwo ŋu alea ke ne míele biabia si fɔ ɖe te be ɖe Mawu nye ŋutasẽla hã la ŋu ɖom oa?

Ðewohĩ asesẽ na wò be nàse Mawu ƒe nuwɔna aɖewo, alo nu si tae wòɖe mɔ ɖe nanewo ŋu la, gɔme. Ame geɖewo agblɔ be Mawu ƒe tame sẽ eye woade dzi ƒo na wò hã be nàbu susu mawo ke ɖe Mawu ŋu. Ðe nàka ɖe edzi be anye susu nyui aɖe tae Mawu wɔ nu mawo ɖo ahalala va se ɖe esime nèse nuwo gɔme nyuie wua? Ale si nàɖo nya sia ŋui la anɔ te ɖe ale si nèdze si Mawui dzi. Bia ɖokuiwò be, ‘Xɔlɔ̃ ka ƒomevie Mawu nye nam?’

Ne agbea le sesẽm na wò la, ele bɔbɔe be nàgblɔ be Mawu melɔ̃ ye kura o. Gake bu nya sia ŋu kpɔ. Mawu gbɔe wòtso be agbea le sesẽm na wòa, alo eya gbɔe nu nyui siwo su mía si le agbe me la tso? Abe ale si míekpɔe ene la, Satana ye nye “xexe sia dzi ɖula,” ke menye Yehowae o. (Yohanes 12:31) Eya ta Satanae le megbe na fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ siwo katã le edzi yim le xexea me. Eye ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be míawo ŋutɔwo míaƒe blibomademade kpakple nuɖiɖeamewo gbɔe míaƒe kuxi geɖewo tso oa?

Mawu gbɔe wòtso be agbea le sesẽm na wòa, alo eya gbɔe nu nyui siwo su mía si le agbe me la tso?

Ke nu kawoe tsoa Mawu ya gbɔ na mí? Bu Biblia me nya siawo ŋu kpɔ: Mawue nye “dzi kple anyigbawɔla”; míaƒe ametia si wòwɔ “nukutɔe” la hã le eƒe nuwɔwɔwo dome; eye Yehowae nye ‘Mawu, si si me wò agbe le.’ (Psalmo 124:8; 139:14; Daniel 5:23) Nu kae nya siawo katã le mía fiam?

Efia be mía Wɔla la gbɔe míaƒe agbegbɔgbɔ, agbe si míele la, tso. (Dɔwɔwɔwo 17:28) Efia be agbe si míele, anyigbadzinu nyui siwo ƒo xlã mí, dzidzɔ si míekpɔna le lɔlɔ̃ɖeɖefia kple xɔlɔ̃wɔwɔ me, kpakple dzidzɔ si nuɖɔɖɔkpɔ, nulélekpɔ, nusese, kple nuʋeʋẽse nana míekpɔna la katã nye nunanawo tso Mawu gbɔ. (Yakobo 1:17) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be yayra mawo fia be Mawu nye Xɔlɔ̃ si ŋu wòle be míade bubui eye wònye ame si dzi wòle be míaka ɖo oa?

Ðewohĩ asesẽ na wò be nàka ɖe Mawu dzi. Ate ŋu awɔ na wò be yemedze sii nyuie ne yeaka ɖe edzi haɖe o. Gɔmesese le esia ŋu. Míate ŋu adzro susu siwo tae ame aɖewo bua Mawu ŋutasẽlae la katã me le nyati ʋɛ siawo me o. Gake ɖe maɖe vi na wò be nàdze agbagba adze si Mawu nyuie wu oa? * Míeka ɖe edzi be ne èwɔ esia la, àva nya nyateƒea ku ɖe Mawu ŋu. Ðe Mawu ƒe tame sẽa? Ao, ke boŋ, “Mawu nye lɔlɔ̃.”—1 Yohanes 4:8.

^ mm. 8 Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu la ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.