Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ALAKPANYA SIWO NA AME AÐEWO MELƆ̃ MAWU O

Alakpanya Evelia: Wobe Enye Amlima Mawu

Alakpanya Evelia: Wobe Enye Amlima Mawu

NU SI AME GEÐE XƆ SE

Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Kristotɔwo ƒe ha “vevi etɔ̃awo, siwo nye Roma Katoliko, Ɣedzeƒe Orthodɔks kple Protestant-ha siaa xɔe se be Mawu nye Ame etɔ̃ ƒokpli: Mawu Fofo la, Mawu Vi la, kple Mawu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Le Kristotɔwo ƒe nufiafia nu la, dzixɔse sia mefia be wonye mawu vovovo etɔ̃ o, ke boŋ efia be ame etɔ̃awo katã le ɖeka.”The New Encyclopædia Britannica.

NYATEƑEA SI LE BIBLIA ME

Yesu, si nye Mawu ƒe Vi la, megblɔ kpɔ be yele tasɔsɔ me kple ye Fofo alo be ye kee ganye Fofo la o. Ke boŋ egblɔ be: “Meyina Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum.” (Yohanes 14:28) Azɔ hã, egblɔ na eyomedzelawo dometɔ ɖeka be: “Meyina Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu, la gbɔ.”Yohanes 20:17.

Menye amee gbɔgbɔ kɔkɔe la nye o. “Gbɔgbɔ kɔkɔe” la ‘yɔ Kristotɔ gbãtɔwo taŋ,’ azɔ hã Yehowa gblɔ be: “Matrɔ nye gbɔgbɔ la ƒe ɖe akɔ ɖe ŋutilã ɖe sia ɖe ƒomevi dzi.” (Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 17) Eya ta gbɔgbɔ kɔkɔea menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe wònye.

NU KA TAE NYA SIA LE VEVIE?

Katolikotɔwo ƒe agbalẽnyala siwo nye Karl Rahner kple Herbert Vorgrimler gblɔ be: “Womate ŋu ase [Mawuɖekaetɔ̃ la] gɔme ne womexɔ ɖeɖefia o, eye le ɖeɖefia vɔ megbe gɔ̃ hã la, womate ŋu ase egɔme bliboe o.” Ðe nàte ŋu alɔ̃ ame aɖe si màte ŋu anya alo ase ale si wòle gɔme o la vavã? Esia fia be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa menana amewo dzea si Mawu nyuie helɔ̃nɛ o.

Marco, si ŋu nya míegblɔ va yi la kpɔe be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia lae na yemenya Mawu nyuie o. Egblɔ be: “Mesusui be Mawu nɔ ame si wònye la ɣlam ɖem, eye ɖeko esia na megasusui be Mawu le adzɔge ʋĩi eye be enye amlima Mawu si ŋu womate ŋu ate ɖo o.” Ke hã Biblia gblɔ be: “Mawu menye tɔtɔ ƒe Mawu o.” (1 Korintotɔwo 14:33, American Standard Version) Meɣla ame si wònye la ɖe mí o. Edi be míanya ye. Yesu gblɔ be: “Míedea ta agu na nu si míenya.”Yohanes 4:22.

Marco gblɔ be: “Esi meva se egɔme be menye Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nye o la, esia wɔe be mete ŋu va te ɖe eŋu kplikplikpli mlɔeba.” Ne míebu Yehowa be enye Ame ŋutɔŋutɔ ke menye amlima Mawu o la, ke anɔ bɔbɔe na mí be míalɔ̃e. Biblia gblɔ be: “Ame si melɔ̃a ame o la medze si Mawu o, elabena Mawu nye lɔlɔ̃.”1 Yohanes 4:8.