Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | YESU LE AMEWO ÐEM—TSO NU KA ME?

Yesu Ƒe Ku Kple Eƒe Tsitretsitsi La—Vi Siwo Woate Ŋu Aɖe Na Wò

Yesu Ƒe Ku Kple Eƒe Tsitretsitsi La—Vi Siwo Woate Ŋu Aɖe Na Wò

‘Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, eye àkpɔ ɖeɖe.’—Dɔwɔwɔwo 16:31.

Apostolo Paulo kple Sila ye gblɔ nya sia na gaxɔdzikpɔla aɖe le Makedonia ƒe dugã si nye Filipi la me. Nya mawo gɔme ɖe? Hafi míase nu si tae wòle be míaxɔ Yesu dzi se hafi akpɔ ɖeɖe gɔme la, gbã la, ele be míanya nu si tae míekuna. De ŋugble le nu si Biblia fia ŋu kpɔ.

Mawu meɖoe be amegbetɔwo naku o

“Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eden-bɔ me, be wòaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi. Eye Yehowa Mawu de se na ame gblɔ bena: ‘Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, mègaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe, ku ke nàku.’”—1 Mose 2:15-17.

Mawu tsɔ ame gbãtɔ Adam ɖo Eden-bɔ, si nye anyigba dzi paradiso, si me lãwo kple atiwo kpakple seƒoƒo dzeani vovovowo le fũu la me. Ati tseku geɖewo le abɔa me, siwo ƒe tsetse Adam ate ŋu aɖu faa. Gake Yehowa Mawu de se si me kɔ nyuie la na Adam be wòagaɖu ati ɖeka aɖe ya ƒe tsetse o, eye wòxlɔ̃ nui be ne eɖui la, aku.

Ðe Adam se sedede ma gɔmea? Enya nu si ku nye, elabena ekpɔnɛ lãwo kuna. Ne ɖe wowɔ Adam be wòava ku mlɔeba la, ke gɔmesese boo aɖeke manɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃amea ŋu o. Ke boŋ Adam nyae be ne yewɔ Mawu ƒe se dzi eye yemeɖu ati si ŋu wòde se ɖo ƒe tsetse o la, ekema yeanɔ agbe tegbee, yemaku o.

Ame aɖewo susuna be ati la le tsitre ɖi na ŋutsu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, gake menye eyae o. Nu si tae nye be Yehowa ŋutɔ di be Adam kple srɔ̃a, Xawa, ‘nadzi ne woasɔ gbɔ,’ eye ‘woayɔ anyigba la dzi, eye woanye agbo ɖe edzi.’ (1 Mose 1:28) Eya ta ati ŋutɔŋutɔ ŋue sededea ku ɖo. Yehowa yɔ atia be “sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati,” elabena ele tsitre ɖi na gome si le Mawu si be wòatso nya me le nu si nye nyui alo vɔ̃ ŋu na amegbetɔwo. Ne Adam meɖu ati ma ƒe tsetse o la, menye ɖeko wòaɖee afia be yenye toɖola ko o, ke aɖee afia hã be yelɔ̃ Ame si wɔ ye heyra ye geɖe alea.

Esi Adam meɖo to Mawu o tae wòku ɖo

‘Mawu gblɔ na Adam bena: Esi nèɖu ati, si ŋuti mede se ɖo na wò la ƒe ɖe la, fifia ate wò, hafi nàkpɔ abolo aɖu, va se ɖe esime nàgatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!’—1 Mose 3:17, 19.

Adam ɖu ati si ŋu wode se ɖo la ƒe ɖe. Ŋkubiãnyae eƒe tomaɖomaɖonuwɔna ma nye. Aglãdzedzee wònye, eye efia hã be mekpɔ ŋudzedze aɖeke ɖe nu nyui siwo katã Yehowa wɔ nɛ la ŋu o. Esi Adam ɖu atia ƒe tsetse la, ema fia be egbe Yehowa, eye wòto esia me ɖee fia be yeate ŋu awɔ nu le ye ɖokui si; esia he fukpekpe geɖe vɛ.

Adam va ku mlɔeba, abe ale si Yehowa gblɔe ɖi ene. ‘Anyi ye Mawu tsɔ mè’ Adam, eye egblɔ nɛ be ‘anyi ke wòagatrɔ azu!’ Esi Adam ku la, menye xexe bubu aɖe mee wòyi o. Ke boŋ esi wòku la, efia be agbe megale eme o, abe anyi si me agbe mele o, si wotsɔ wɔe la ene.—1 Mose 2:7; Nyagblɔla 9:5, 10.

Esi míedzɔ tso Adam me tae míekuna ɖo

“To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.”—Romatɔwo 5:12.

Adam ƒe tomaɖomaɖoa, alo nu vɔ̃ si wòwɔ la, gblẽ nu le ameƒomea katã ŋu. Esi Adam wɔ nu vɔ̃ la, menye agbenɔnɔ ƒe 70 alo 80 pɛ koe wòbu o, ke boŋ agbe tegbee si eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo siaa anɔ lae wòbu. Gakpe ɖe eŋu la, ebu eƒe blibodedea hã le nu vɔ̃ si wòwɔ ta, eye esia wɔe be eƒe dzidzimeviwo katã mede blibo o.

Adam me mí katã míedzɔ tso. Esia tae wodzi mí ame madeblibowoe ɖo, ke menye míawo gbɔe wòtsɔ o, eye esia wɔe be míewɔa nu vɔ̃, eye mlɔeba míekuna. Paulo ɖɔ nɔnɔme wɔnublanui sia esi wòŋlɔ bena: “Ŋutilãmeme, si wodzra ɖe nu vɔ̃ te, ye nye ya menye. Oo, nye nublanuitɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã sia si ana maku la si me?” Paulo ŋutɔ ɖo eƒe nyabiasea ŋu be: “Akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!”—Romatɔwo 7:14, 24, 25.

Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔe ale be míate ŋu anɔ agbe tegbee

“Fofo la dɔ Via ɖa be wòanye xexea Ðela.”—1 Yohanes 4:14.

Yehowa Mawu wɔ ɖoɖo be yeaɖe nu siwo nu vɔ̃ gblẽ le mía ŋu la ɖa ahaɖe mí tso ku ɖikaa si me. Aleke wòwɔe? Edɔ Via si gbɔ melɔ̃a nu le o la tso dziƒo eye wodzii wònye amegbetɔ deblibo abe Adam ke ene. Gake, to vovo na Adam la, Yesu ya “mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.” (1 Petro 2:22) Esi wònye amegbetɔ deblibo ta la, ku mekpɔ ŋusẽ ɖe edzi o, eya ta ate ŋu ayi edzi anɔ agbe tegbee hafi.

Gake le esia teƒe la, Yehowa ɖe mɔ Yesu ƒe futɔwo wui. Ŋkeke etɔ̃agbe la, Yehowa fɔ Yesu ɖe agbe wòzu gbɔgbɔmeme ale be wòate ŋu atrɔ ayi dziƒo. Esi Yesu yi dziƒo la, etsɔ asixɔxɔ si le eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbea ŋu la yi na Mawu be wòatsɔ agbugbɔ aƒle nu siwo Adam bu na eɖokui kple eƒe dzidzimeviwo la. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe vɔsa sia ŋu, si wɔe be ame siwo xɔ Yesu dzi se la ate ŋu anɔ agbe tegbee.—Romatɔwo 3:23, 24; 1 Yohanes 2:2.

Ale wɔ Yesu gbugbɔ ƒle nu siwo katã Adam bu la. Eku ɖe mía ta ale be míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Biblia gblɔ be: ‘Yesu kpe ku ƒe fu, bene to Mawu ƒe amenuveve me la, wòaɖɔ ku kpɔ ɖe ame sia ame ta.’—Hebritɔwo 2:9.

Ðoɖo sia ɖe nu geɖe fia tso Yehowa ŋu. Eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu kɔkɔ la na wòsesẽ na amegbetɔ madeblibowo be woaxɔ na wo ɖokuiwo. Gake lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ʋãe wòtsɔ Via xe fe ɖe mía ta, si nye wɔwɔ ɖe nu si eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye bia la dzi, togbɔ be esia bia nu gã aɖe tso esi hã.—Romatɔwo 5:6-8.

Wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me, eye esia fia be woava fɔ ame bubu siwo ku la hã ɖe tsitre

‘Wofɔ Kristo, ame si nye gbãtɔ le ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me dome la, ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Elabena esi wònye ame dzie ku to va ta la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to ame dzi va. Elabena ale si ko amewo katã le kukum le Adam me la, nenema kee woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.’—1 Korintotɔwo 15:20-22.

Ðikeke aɖeke mele eme o be Yesu nɔ agbe le anyigba dzi kpɔ heku, gake nu kae ɖo kpe edzi be wofɔe tso ku me? Kpeɖodzi veviawo dometɔ ɖekae nye be Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖe eɖokui fia ame geɖe le ɣeyiɣi vovovowo me kple teƒe vovovowo. Ɣeaɖeɣi la, eɖe eɖokui fia ame siwo wu 500 sɔŋ. Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Korintotɔwo tso nya sia ŋu eye wògblɔ be, ame siwo nɔ eteƒe la dometɔ aɖewo gakpɔtɔ le agbe, si fia be woate ŋu aɖi ɖase tso nu si woawo ŋutɔwo kpɔ kple nu si woawo ŋutɔwo se ŋu.—1 Korintotɔwo 15:3-8.

Nya nyui lae nye be, esi Paulo ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽa me be Kristoe nye ame “gbãtɔ” si wofɔ ɖe tsitre la, ema le fiafiam be woava fɔ ame bubuwo hã ɖe tsitre emegbe. Yesu ŋutɔ gblɔ be ɣeyiɣi aɖe le vava ge le esi me ‘ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ado go.’—Yohanes 5:28, 29.

Hafi míate ŋu anɔ agbe tegbee la, ele be míaxɔ Yesu dzi ase

“Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Woƒo nu tso ɣeyiɣi si me ku va xexea me kple esi me Paradisoa bu la ŋu le Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔa me. Eƒe agbalẽ mamlɛtɔ ƒo nu tso ɣeyiɣi si me woava ɖe ku ɖa eye Mawu nagbugbɔ aɖo Paradisoa anyi le anyigba dzi la ŋu. Ɣemaɣi la, amewo ase vivi na agbenɔnɔ tegbee, elabena nu sia nu adze edzi na wo nyuie. Nyaɖeɖefia 21:4 gblɔ be: “Ku maganɔ anyi o.” Be Mawu nana míaka ɖe ŋugbedodo ma dzi la, kpukpui 5 lia gblɔ be: “Nya siawo nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo.” Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo la dzi godoo.

Ðe nèka ɖe edzi be “nya siawo nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo” nyateƒea? Ne èka ɖe edzi la, ekema yi edzi nàsrɔ̃ nu tso Yesu Kristo ŋu, eye nàxɔ edzi ase. Ne èwɔ esia la, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò. Menye ɖeko wòayra wò geɖee fifia ko evɔ o, ke mɔkpɔkpɔ asu asiwò hã be nàva nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi, esime “ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o.”