Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU ÐEDZESI AÐE LE MAWU SUBƆLAWO ƑE ŊUTINYA ME!

Woɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia Ðe Go Le Eʋegbe Me

Woɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia Ðe Go Le Eʋegbe Me

LE December 28, 2014 dzi la, nu ɖedzesi aɖe dzɔ le Mawu subɔlawo ƒe ŋutinya me: Woɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la ɖe go le Eʋegbe me.

Fifia Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la va kpe ɖe Biblia siwo Mawu vɔ̃lawo zãna le Eʋenyigbawo dzi ƒe gbogbo aɖee nye esia la ŋu. Nu ka tae wòhiã be woagaɖe Biblia gɔmeɖeɖe yeye aɖe ɖe go? Ame kawoe tae? Eye nu ka tae nàte ŋu aka ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la dzi?

Nu Ka Tae Biblia Gɔmeɖeɖewo Sɔ Gbɔ Alea?

Wota Biblia gɔmeɖeɖe yeye geɖewo le míaƒe ɣeyiɣi siawo me. Eye le gbegbɔgblɔ aɖewo gome la, esiae nye zi gbãtɔ si Mawu ƒe Nya la va su amewo si. Ke hã wogale Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo tam ɖe gbe siwo me wole xoxo la gɔ̃ hã me. Nu ka tae? Agbalẽ si ƒe tanyae nye Ðe Gɔmeɖeɖeawo Sɔ Gbɔ Akpaa? (si le Eŋlisigbe me), si Sakae Kubo kple Walter Specht woŋlɔ la ɖe eme be: “Womate ŋu agblɔ le Biblia gɔmeɖeɖe aɖeke ŋu be enye gɔmeɖeɖe si yome ɖeke magava ɖo gbeɖe o. Esi wole ŋgɔ yim le Biblia ŋuti nunya me eye gbegbɔgblɔwo le tɔtrɔm ta la, ele be woayi edzi anɔ asi trɔm le gɔmeɖeɖeawo hã ŋu.”

Le ƒe alafa sia me la, wogava se gbegbɔgblɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo gbã, siwo nye Hebrigbe, Aramgbe kple Helagbe, gɔme nyuie wu. Azɔ hã, wofɔ Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo do ŋgɔ na esiwo dzidzime siwo nɔ anyi va yi la ƒe Biblia gɔmeɖelawo zã eye woƒe nuŋɔŋlɔwo hã de pɛpɛpɛ wu. Eya ta woate ŋu aɖe Mawu ƒe Nya la gɔme wòade pɛpɛpɛ fifia wu ɣeyiɣi siwo va yi!

Declan Hayes si nye Dukɔwo Dome Asitsanyawo ŋuti Nufialagã ŋlɔ bena: “Ƒe sia ƒe la, Biblia ye nyea agbalẽ si amewo ƒlena wu.” Eye ɣeaɖewoɣi la, didi be woata Biblia si amewo aƒle wu wɔnɛ be etalawo megatsɔa ɖeke le emenyawo ƒe dede pɛpɛpɛ me o. Le Biblia gɔmeɖeɖe aɖe gome la, etalawo ɖe akpa siwo wobu be “mevivi o” la le eme. Eye le Biblia bubu aɖe me la, wotrɔ nya alo nyagbe aɖewo siwo wosusu be ave dɔme na egbegbe nuxlẽla aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, be woadze ame aɖewo ŋu la, woyɔ Mawu be “Tɔ-Kple-Nɔ.”

Wotsyɔ Nu Mawu Ƒe Ŋkɔa Dzi

Ðewohĩ nu si gavloe wue nye ale si womegale bubu dem Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, ŋu o. (Agbalẽnyala aɖewo yɔa Mawu ŋkɔ be “Yahweh.”) Le blema Hebrigbe me Bibliawo me la, wotsɔ xaxagbeɖiɖi ene siwo nye YHWH (alo JHVH le yevugbe me) le míaƒe ŋɔŋlɔdzesiwo nu ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔe. Ŋkɔ tɔxɛ sia dze le Biblia ƒe akpa si amewo yɔna be Nubabla Xoxo la ɖeɖe dzaa me zi gbɔ zi 7,000 kloe. (2 Mose 3:15; Psalmo 83:18) Eya ta edze ƒãa be ɖe mía Wɔla la di be ye subɔlawo nanya ŋkɔ ma eye woazãe hã!

Gake ƒe alafa aɖewoe nye esi va yi la, Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi aɖewo na wodzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa zazã. Emegbe la, kɔnyinyi siawo va kpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ aɖewo hã dzi. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; 1 Timoteo 4:1) Esia na wòva zu numame na Biblia gɔmeɖelawo be woatsɔ bubuŋkɔ “Aƒetɔ” aɖɔli Mawu ƒe ŋkɔa. Egbea woɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa kura le Biblia akpa gãtɔ me. Yesu gblɔ le Yohanes 17:6 be: “Meɖe wò ŋkɔ la fia.” Gake egbegbe Biblia aɖewo ɖe nya “ŋkɔ” ɖa le kpukpui sia me. Eʋegbe Biblia yeye si Biblia Habɔbɔa ta la ɖe kpukpui sia gɔme be: “Meɖe wò fia.”

Nu ka koŋ tae ame aɖewo medi be woazã Mawu ƒe ŋkɔa o? De ŋugble le nya siwo wogblɔ le agbalẽ si nye Mɔfiame Vevi Na Biblia Gɔmeɖelawo (si le Eŋlisigbe me) me ŋu kpɔ. Biblia Habɔbɔ Ƒoƒuawo si kpɔa Biblia gɔmeɖeɖedɔ geɖe dzi le xexea me godoo lae tae. Eme nyati aɖe gblɔ be: “Esi wònye be ŋkɔ tɔxɛ ye YHWH nye ta la, eŋɔŋlɔ ɖe gbe bubuwo me be woayɔe wòaɖi ale si woyɔnɛ le Hebrigbea me ye nye mɔ nyuitɔ.” Gake nyati ma xlɔ̃ nu be: “Nu bubu aɖewo li siwo dzi mele be míaŋe aɖaba aƒu o.”

Ðe “nu bubu” mawo le vevie nenema gbegbea? Le agbalẽ sia ƒe nya nu la, agbalẽnyala aɖewo gblɔ be: “Ne míezã ŋkɔ abe Yahweh ene la, woate ŋu ase egɔme bubui . . . , ana woasusui be Mawu bubu aɖe alo Mawu si womenya o ye ‘Yahweh’ nye, eye wòto vovo na Mawu si wonya xoxo.” Evɔ ɖe Biblia ŋutɔ megblɔe eme kɔ kɔtɛ be Yehowa Mawu to vovo kura na mawu siwo ame siwo menye Kristotɔwo o subɔna oa?—Yesaya 43:10-12; 44:8, 9.

Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be, ne yewoɖɔli Mawu ƒe ŋkɔa kple “Aƒetɔ” la, ekema ka xoxoa nu koe yewole yeyea gbim ɖo. Gake Yesu bu fɔ ame siwo léa kɔnyinyi siwo medea bubu Mawu ŋu o me ɖe asi. (Mateo 15:6) Azɔ hã, Ŋɔŋlɔawo ƒe afi aɖeke meda asi ɖe edzi be woatsɔ bubuŋkɔ aɖe aɖɔli ame ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ o. Woyɔ bubuŋkɔ vovovowo, abe “Mawu Ƒe Nya La” kple “fiawo dzi Fia” ene, na Yesu le Ŋɔŋlɔawo me. (Nyaɖeɖefia 19:11-16) Ðe wòasɔ be woatsɔ bubuŋkɔ siawo dometɔ ɖeka aɖɔli eƒe ŋkɔ Yesua?

Agbalẽ si míeyɔ va yi la me nyati bubu gblɔ be: “Ðe wòle be woaƒo asa na Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ be ‘Yehowa’ hafi.” Le susu ka ta? “Agbalẽnyala aɖewo xɔe se be anyo wu be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔ be ‘Yahweh’ be wòasɔ ɖe ale si wosusu be woyɔnɛ le gbegbɔgblɔ gbãtɔa me nu.” Gake Biblia me ŋkɔ nyanyɛwo abe Yesaya, Yeremiya kple Yesu ene hã mesɔ tututu ɖe ale si woyɔa woe le Hebrigbe gbãtɔ me (Yeshaʽ·yaʹhu, Yir·meyahʹ, kple Yehoh·shuʹaʽ) la nu o. Esi wònye ŋkɔ “Yehowa” nye Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ mɔnu ɖeka, si ame geɖe nya ta la, susu aɖeke meli si tae woatsi tre ɖe eyɔyɔ nenema ŋu o. Le nyateƒe me la, amewo ŋutɔ ƒe seselelãme kple nuŋububu tae wogbe Mawu ƒe ŋkɔa zazã ɖo, ke menye agbalẽnyanya tae o.

Ke hã menye numekuku si wowɔ ŋue nyaa ku ɖo kura o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia Habɔbɔ Ƒoƒuawo ƒe aɖaŋuɖola aɖe si le India gblɔ nu siwo do tso eme esi woɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Biblia gɔmeɖeɖe xoxo siwo me wòdze le. Egblɔ be: “Menye bubuŋkɔ siwo le Mawu si nyanyae le vevie na Hindutɔwo o; wodi be yewoanya eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ, eye wosena le wo ɖokuiwo me be ne yewomenya Mawu ƒe ŋkɔ o la, yewomate ŋu asubɔe o.” Alea tututue wòle le ame siwo katã le Mawu dim ŋutɔŋutɔ hã gome. Ne míenya Mawu ƒe ŋkɔa ko hafi míate ŋu ase ame si tututu wònye gɔme, be menye ŋusẽ dzro aɖe koe wònye o, ke boŋ enye ame ŋutɔŋutɔ si ŋu míate ŋu ate ɖo. (2 Mose 34:6, 7) Esia tae Biblia gblɔ be: “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.” (Romatɔwo 10:13) Eya ta ehiã godoo be Mawu subɔlawo nazã eƒe ŋkɔa!

Biblia Gɔmeɖeɖe Si Dea Bubu Mawu Ŋu

Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia zã Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa

Eya ta le ƒe 1950 me la, nu ɖedzesi aɖe ŋutɔe wònye le míaƒe ŋutinya me esi woɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa ɖe go zi gbãtɔ le Eŋlisigbe me. Le ƒe ewo siwo kplɔe ɖo me la, wota Hebri Ŋɔŋlɔawo, siwo ame aɖewo yɔna be Nubabla Xoxo la, ƒe akpa aɖewo hã vivivi. Le ƒe 1961 me la, woɖe Biblia bliboa ɖe go le Eŋlisigbe me. Eɖe dzesi ŋutɔ be Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa zã Mawu ƒe ŋkɔ “Yehowa” le teƒe 7,000 kloe siwo katã wòdze le le Nubabla Xoxoa me. Nu si gaɖe dzesi wue nye be wogbugbɔ ŋkɔa ɖo teƒe 237 sɔŋ le “Nubabla Yeyea” alo Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo hã me.

Menye ɖeko Mawu ƒe ŋkɔ si wogbugbɔ ɖo eteƒe la de bubu eŋu ko o, ke ena mɔnukpɔkpɔ hã mí be míanya ame si tututu wònye. Le kpɔɖeŋu me, Biblia geɖe ɖe Mateo 22:44 gɔme be: “Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena.” Nyabiaseae nye be, ame kae le nu ƒom na ame ka? Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa ya ɖe kpukpui ma gɔme be: “Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be,” eye esia sɔ kple Psalmo 110:1, afi si woyɔ nya mawo tsoe. Esia wɔnɛ be Biblia xlẽlawo kpɔa vovototo si le Yehowa Mawu kple Via dome dzea sii nyuie.

Ame Kawoe Tae?

Watch Tower Bible and Tract Society, si nye habɔbɔ si zãm Yehowa Ðasefowo le le se nu, ye le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa tam. Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye esia si Yehowa Ðasefowo le Biblia tam hele emam le xexea me godoo. Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si woyɔna be Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmiti ye ɖe Biblia sia gɔme ɖe Eŋlisigbe me hafi míetae. Esi kɔmitia me tɔwo medi ŋkɔxɔxɔ o ta la, wobia be woagaʋu go yewoƒe ŋkɔwo, le yewoƒe ku megbe gɔ̃ hã o.—1 Korintotɔwo 10:31.

Nu ka tae wotsɔ ŋkɔ na Biblia sia be Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe? Esia ɖe kakaɖedzi blibo si le wo si la fia, si nye be amegbetɔƒomea “ɖo xexe yeye” si ŋugbe wodo le 2 Petro 3:13 la “ƒe agbo nu.” Kɔmitia ŋutɔ ɖe nu me be, esi wònye míele “xexe xoxo sia ƒe nuwuɣi heyina xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ me” ta la, ele vevie be Biblia gɔmeɖelawo naɖe “nyateƒe vavã si le Mawu ƒe Nyaa me” la gɔme eme nakɔ nyuie.—Edze le ƒe 1950 ƒe Eŋlisigbe me tataa ƒe ŋgɔdonyaa me.

Gɔmeɖeɖe Si De Pɛpɛpɛ

Nyawo gɔme ɖeɖe wòade pɛpɛpɛ nɔ vevie na kɔmitia ale gbegbe. Hebrigbe, Aramgbe kple Helagbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo la mee woɖe egɔme tsoe tẽe ɖe Eŋlisigbea me, eye wozã blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ nyuitɔ siwo ŋu kakaɖedzi le. * Azɔ hã, woɖɔ ŋu ɖo vevie heɖe nyawo gɔme abe ale si tututu wogblɔe le gbegbɔgblɔ gbãtɔa me ene, ke hã wozã nya siwo gɔme anya se bɔbɔe na egbegbe nuxlẽlawo.

Eya ta mewɔ nuku o be agbalẽnyala aɖewo kafu Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa ɖe ale si woɖe egɔme wòsɔ nyuie eye emenyawo de pɛpɛpɛ ta. Yunivɛsiti Nufialagã Benjamin Kedar, si nye Hebrigbenyalagã le Israel gblɔ le ƒe 1989 me be: “Ne mele gbegbɔgblɔwo ŋuti numekuku wɔm tso Hebrigbe me Biblia kple Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo ŋu la, mezãa Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa zi geɖe. Esia na mekpɔ kakaɖedzi blibo be egɔmeɖelawo dze agbagba anukwaretɔe be yewoana emenyawo nasɔ pɛpɛpɛ eye egɔme nanya se.”

Egɔmeɖeɖe Ðe Gbe Bubuwo Me

Eya ta esɔ be Yehowa Ðasefowo ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔme ɖe gbe bubuwo hã me na ame siwo medoa Eŋlisigbe o. Va se ɖe egbea la, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe le gbegbɔgblɔ 120 me. Be míate ŋu ata Biblia ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me bɔbɔe la, míeto kɔmpiutamɔ̃ɖaŋu aɖe vɛ si nana míekpɔa nusɔsrɔ̃ deto siwo wowɔ tso Biblia me nyawo ŋu hewɔa wo ŋu dɔ. Azɔ hã, woɖo Gbegɔmeɖeɖedɔ Dzikpɔƒe be wòana kpekpeɖeŋu gbegɔmeɖelawo. Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha lae le Biblia gɔmeɖeɖedɔawo dzi kpɔm tẽe to Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmiti la dzi. Gake aleke koŋue wowɔa dɔ siae?

Gbã la, wotiaa Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be woaɖe gbea gɔme. Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be, gbegɔmeɖela siwo le ƒuƒoƒo me ƒe gbegɔmeɖeɖe ate ŋu anyo ahada asɔ wu ame ɖeka aɖe tɔ si gɔme wòɖe le eɖokui si. (Lododowo 11:14) Zi geɖe la, ame siwo le ƒuƒoƒoa me dometɔ ɖe sia ɖe nyea ame si si nuteƒekpɔkpɔ su le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo gɔme ɖeɖe me. Emegbe wonaa hehe ƒuƒoƒoa tso Biblia gɔme ɖeɖe ƒe mɔnuwo kple kɔmpiuta ƒe dɔwɔɖoɖo si ŋu wotrɔ asi le etɔxɛ la zazã ŋu nyuie.

Wofiaa mɔ gbegɔmeɖelawo be woaɖe Biblia gɔme nyuie ale be gɔmesesea nade pɛpɛpɛ evɔ ame akpa gãtɔ nate ŋu ase egɔme bɔbɔe. Eye nyaawo nasɔ ɖe gbegbɔgblɔ gbãtɔa me tɔwo nu ale si wòanya wɔ gake gɔmesesea nagatro o. Aleke wowɔna ɖoa taɖodzinu siawo gbɔ? Na míadzro ale si wowɔ hafi ɖe Biblia yeye sia gɔme la me vie. Gbã la, gbegɔmeɖelawo ƒo Eʋegbe me nya siwo sɔ kple Biblia me nya vevi siwo katã dze le Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me la nu ƒu. Kɔmpiutadziɖoɖo si wozãna la kpena ɖe wo ŋu be woake ɖe Biblia me nya siwo do ƒome eye woƒe gɔmesese ɖi wo nɔewo la ŋu. Enana gbegɔmeɖelawo kpɔa Helagbe kple Hebrigbe me nya siwo gɔme woɖe yi Eŋlisigbea me hã, ale be woate ŋu akpɔ ale si woɖe Helagbe alo Hebrigbe me nya mawo gɔme le Eŋlisigbe Biblia ƒe akpa vovovoawo. Esiawo katã kpe ɖe wo ŋu wotia Eʋegbe me nya siwo woatsɔ aɖe Eŋlisigbe me nya veviawo gɔmee la nyuie. Le esia megbe la, wodze Biblia me kpukpuiawo ŋutɔ gɔme ɖeɖe ɖekaɖeka, eye Eʋegbe me nya vevi siwo wotia da ɖi xoxo la nɔa dzedzem le kɔmpiutaa dzi.

Gake gbegɔmeɖeɖe bia nu geɖe wu Eʋegbe me nyawo tsɔtsɔ aɖɔli Eŋlisigbe me tɔawo dzro ko. Ele be woadze agbagba vevie akpɔ ale si woatrɔ asi le Eʋegbe me nya siwo wotia da ɖi la ŋu le kpukpui vovovoawo me be gɔmesese nyuitɔ si le Ŋɔŋlɔawo ŋu nadze. Ele be woaɖɔ ŋu ɖo hã be nyaawo nasɔ ɖe gbeŋutise kple ale si wodoa gbeae nu. Ame sia ame si axlẽ Biblia yeye sia akpɔe be woku kutri geɖe le egɔmeɖeɖe me vavã. Woɖe Mawu ƒe Nya la gɔme le Eʋegbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la me eme kɔ nyuie, egɔme nya se, eye nyawo sɔ ɖe ale si wonɔ le gbegbɔgblɔ gbãtɔawo me nu. *

Míele dzi dem ƒo na wò be wò ŋutɔ nàdzro Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me kpɔ. Àte ŋu adɔe tso magazine sia talawo gbɔ loo alo axɔe le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le miaƒe nutoa me la me. Àte ŋu axlẽe kple kakaɖedzi be woɖe Mawu ŋutɔ ƒe nyawo gɔme ɖe mia degbe me wòde pɛpɛpɛ. Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe edzi godoo be nu ɖedzesi aɖee Biblia sia ɖeɖe ɖe go le Eʋegbe me nye le Mawu subɔlawo ƒe ŋutinya me vavã!

^ mm. 24 The New Testament in the Original Greek, si Westcott kple Hort ta, koŋ dzie wokpɔ ɖe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔme. Eye le Hebri Ŋɔŋlɔawo gome la, R. Kittel ƒe Biblia Hebraica lae wozã. Gakpe ɖe eŋu la, wowɔ blema aƒlagbalẽ aɖewo siwo wobu akɔnta be woŋlɔ wo le ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia K.Ŋ. la hã ŋu dɔ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia, ƒe 2013 tɔ, la gɔme ɖeɖe me. Azɔ hã, wokpɔ Helagbe me ŋɔŋlɔ bubu siwo dzi amewo ka ɖo, siwo ŋu Nestle kple Aland kpakple Biblia Habɔbɔ Ƒoƒuawo trɔ asi le nyitsɔ laa, siwo ŋu wowɔ numekuku deto le, la hã dzi.

^ mm. 30 Be nàkpɔ numeɖeɖe geɖe ku ɖe Biblia gɔme ɖeɖe ŋuti mɔfiamewo kple nu siwo ɖe dzesi le Eʋegbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia sia ŋu la, kpɔ eƒe megbenyawo ƒe A1 kple A2.