Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀTE ŊU ASE BIBLIA GƆME

Ðe Woŋlɔ Biblia Be Woase Egɔme

Ðe Woŋlɔ Biblia Be Woase Egɔme

Nyateƒee wònye be Biblia tsi ŋutɔ. Ƒe nenie wòxɔ? Ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi esime wodze Biblia-ŋɔŋlɔ gɔme le Titina Ɣedzeƒe. Ema anye Shang fiaƒomea ƒe dziɖuɣi le China eye anɔ abe ƒe alafa ewo ene do ŋgɔ na Buddha-subɔsubɔ ƒe gɔmedzedze le India.—Kpɔ aɖaka si nye “ Biblia Ŋuti Nyatakaka Veviwo.”

Agbe me biabia vevitɔwo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le Biblia me

Hafi agbalẽ aɖe naɖe vi na amewo vavã la, ehiã godoo be woase egɔme eye emenyawo nasɔ ɖe woƒe hiahiãwo nu. Nenema tututue Biblia le. Agbe me biabia vevitɔwo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le eme.

Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèbia ɖokuiwò kpɔ be, ‘Nu ka tae míele agbe ɖoa?’ Amegbetɔwo bu biabia sia ŋu ƒe akpe geɖe eye wogakpɔtɔ bua eŋu egbea kokoko. Ke hã, woate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa le Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ, si nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, ƒe ta eve gbãtɔawo me. Le afi ma la, Biblia ƒe ŋutinyaa ka nya ta tso nu siwo dzɔ gbe aɖe gbe ʋĩi ke le “gɔmedzedzea” me, abe ƒe biliɔn geɖee nye esi va yi ene, la ŋu esi wòƒo nu tso ale si xexe gbahooa, si me ɣletivihatsotsowo, ɣletiviwo kple anyigba siaa le la wɔ va dzɔ ŋu. (1 Mose 1:1) Eyome eƒo nu tso ale si wodzra anyigbaa dzi ɖo vivivi be agbe nanya nɔ le edzi, ale si wowɔ nu gbagbe vovovoawoe kple amegbetɔwo siaa kpakple taɖodzinu si tae wowɔ wo ɖo la ŋu.

ÐE WOŊLƆE BE WOASE EGƆME

Aɖaŋuɖoɖo siwo ɖea vi, siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe gbe sia gbe kuxiwo gbɔ la le Biblia me. Aɖaŋuɖoɖo mawo gɔme sese le bɔbɔe. Eye susu vevi eve tae wòle alea ɖo.

Gbãtɔe nye be, Biblia me nyawo le tẽe, wo me kɔ, eye wovivia ame nu. Womegblɔ nyawo abe gli tom wole ene o, ke boŋ Biblia ƒe ŋutinyawo ku ɖe nu siwo li ŋutɔŋutɔ kple nu siwo ka mí ŋu. Wozã nya siwo míezãna le nuƒoƒo me gbe sia gbe la tsɔ ɖe nu goglowo me be míate ŋu ase wo gɔme bɔbɔe.

Le kpɔɖeŋu me, Yesu zã nu siwo amewo nya nyuie, siwo ŋu dɔ wowɔna gbe sia gbe la tsɔ wɔ kpɔɖeŋu siwo gɔme sese le bɔbɔe be yeafia nu vevi siwo aɖe vi na wo la wo. Kpɔɖeŋu siawo dometɔ geɖe le eƒe nufiafia vevi si woyɔna be Todzimawunya la me. Eye eƒe nufiafia sia dze le Biblia-gbalẽ si nye Mateo ƒe ta 5 va se ɖe 7 lia me. Biblia ŋuti numeɖela aɖe yɔ nufiafia ma be “nufiamenuƒo vavã” esi wògblɔ be eƒe taɖodzinue nye be “wòafia mɔ mí ahaɖɔ mí ɖo, ke menye be wòana nyatakakawo nayɔ susu me na mí o.” Ðewohĩ àte ŋu axlẽ nya mawo le miniti 15 va ɖo 20 me, eye ale si gbegbe Yesu ƒe nyaawo gɔme sese le bɔbɔe evɔ wowɔa dɔ ɖe ame dzi la awɔ nuku na wò.

Susu evelia si tae Biblia gɔme sese le bɔbɔe ɖoe nye nyati si ŋu emenyawo ku ɖo. Menye glitotowo alo nyakpakpawoe le eme o. Ke boŋ abe ale si numekugbalẽ deŋgɔ aɖe ɖe emee ene la, emenyawo ƒe akpa gãtɔ “ku ɖe ame ŋkutawo kple dumevi dzrowo” kple woƒe “hloluitsotsowo, mɔkpɔkpɔwo, kpododonuwo kpakple dzidzedzekpɔkpɔwo ŋu.” (The World Book Encyclopedia) Ele bɔbɔe be míakpɔe be ŋutinya mawo siwo ku ɖe amewo kple nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo ŋu eye nufiame veviwo le wo me la ka mí.—Romatɔwo 15:4.

ATE ŊU ASU AME SIA AME SI

Hafi nàte ŋu ase agbalẽ aɖe gɔme la, ele be wòanɔ gbe si nèse la me. Egbea, afi ka kee nèɖale o, eye dukɔ ka me tɔe nèɖanye o, anɔ eme be Biblia le gbe aɖe si nèse la me. Ðe esia mewɔ nuku ŋutɔ oa? Bu dɔ si gbegbe wòbia ŋu kpɔ.

Biblia-gɔmeɖeɖe. Hebrigbe, Aramgbe kple Helagbe mee woŋlɔ Biblia ɖo gbã. Eme kɔ ƒãa be ame ʋɛ aɖewo koe ate ŋu axlẽ Biblia le gbe mawo me. Eya ta gbegɔmeɖelawo tso woƒe dzi blibo me ku kutri vevie ɖe egɔme ɖe gbe bubuwo me. Woƒe kutrikukua wɔe be woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 2,700 me egbea. Esia fia be anyigbadzinɔlawo dometɔ 90 kple edzivɔ le alafa me ate ŋu axlẽ Biblia ƒe akpa aɖe ya teti le wo degbe me.

Biblia-tata. Le gɔmedzedzea me la, nu siwo tea ŋu nyunyɔna, abe lãgbalẽwo kple aƒlagbalẽwo ene, dzie woŋlɔ Biblia ɖo. Be woana emenyawo naka dzidzime bubuwo si la, ehiã be woatsɔ asi agbugbɔ aŋlɔe ɖe lãgbalẽ alo aƒlagbalẽ bubuwo dzi. Asinuŋɔŋlɔgbalẽ mawo xɔ asi ŋutɔ, eye ame ʋɛ aɖewo koe tea ŋu ƒlea wo. Gake tso esime Gutenberg to agbalẽtamɔ̃ vɛ anɔ abe ƒe 550 ene ye nye esi va yi la, Biblia-tata kple emama va dzi ɖe edzi ŋutɔ. Akɔntabubu aɖe ɖee fia be, woma Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe biliɔn atɔ̃ kple edzivɔ sɔŋ.

Mawusubɔsubɔgbalẽ bubu aɖeke mede Biblia nu le go sia me o. Eme kɔ ƒãa be ɖe woŋlɔ Biblia be amewo nase egɔme. Ele eme be màte ŋu ase emenya ɖe sia ɖe gɔme bɔbɔe ya o. Ke hã kpekpeɖeŋu li. Afi kae nàkpɔ kpekpeɖeŋu le be nàse Biblia gɔme nyuie? Eye viɖe kae nàkpɔ tso eme? Míaƒo nu tso esiawo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.