Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Ðe míate ŋu anya nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋua?

Nu ka tae Mawu di be míanya nyateƒea? Xlẽ Yohanes 17:3

Mawu gblɔ nu si wòle be míanya tso ye ŋu la na mí. Ewɔ esia esi wòto eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, si nye eƒe dɔwɔŋusẽ la, dzi tsɔ eƒe nyawo de Biblia-ŋlɔlawo ƒe susu me woŋlɔ ɖi na mí. (2 Petro 1:20, 21) Eya ta míate ŋu anya nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu to Biblia-xexlẽ me.—Xlẽ Yohanes 17:17; 2 Timoteo 3:16.

Mawu gblɔ nya geɖe tso eɖokui ŋu na mí le Biblia me. Ena míenya nu si tae wòwɔ mí ɖo, nu si wòɖo be yeawɔ na amegbetɔƒomea kple ale si wòdi be míanɔ agbee. (Dɔwɔwɔwo 17:24-27) Yehowa Mawu di be míanya nyateƒe si ku ɖe ye ŋu.—Xlẽ 1 Timoteo 2:3, 4.

Nu ka tae Mawu xɔa nyateƒelɔ̃lawo atuu ɖo?

Nyateƒe ƒe Mawue Yehowa nye, eye edɔ Via, Yesu, ɖa be wòafia nyateƒea amegbetɔwo. Esia ta ame siwo lɔ̃ nyateƒe la tena ɖe Yesu ŋu. (Yohanes 18:37) Ame siawo tɔgbi dim Mawu le be woasubɔ ye.—Xlẽ Yohanes 4:23, 24.

Satana Abosam kaka aʋatsonufiafiawo le Mawu ŋu tsɔ xe mɔ na ame geɖe be woaganya Mawu o. (2 Korintotɔwo 4:3, 4) Ame siwo melɔ̃ nu nyui o la kpɔa dzidzɔ ɖe aʋatsonufiafia mawo ŋu. (Romatɔwo 1:25) Gake anukwaretɔ miliɔn geɖewo to Biblia-sɔsrɔ̃ dzi ke ɖe nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la ŋu.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:11.