Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ALE SI WOZÃA WÒ NUDZƆDZƆWOE

Agbalẽdzraɖoƒe Aɖe Si Ate Ŋu Anɔ Wò Asiƒome

Agbalẽdzraɖoƒe Aɖe Si Ate Ŋu Anɔ Wò Asiƒome

SEPTEMBER 1, 2021

 “Ƒe aɖewo va yia, mava susu me na mí gɔ̃ hã be míaxɔ gbɔgbɔmenuɖuɖua to míaƒe elektronik-mɔ̃wo dzi o.” Èɖo ŋku nya mawo dzia? Nɔviŋutsu Geoffrey Jackson ye gblɔ nya mawo le Ƒe 2020 Dɔdzikpɔha Ƒe Nyatakaka Adelia dedziƒonamea me. Egblɔ yi edzi be: “Gake fifia, míekpɔe be nuwo asesẽ na mí ŋutɔ le dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣi sia me ne ɖe dɔwɔnuwo abe JW Library meli o. Ƒe aɖewoe nye esia, Yehowa nɔ kpekpem ɖe mía ŋu be míanɔ dzadzraɖoɖi na ɣeyiɣi siawo tɔgbi.”

 Aleke Yehowa nɔ mía dzram ɖoe? Nu kae JW Library dɔwɔnua wɔwɔ lɔ ɖe eme, eye nu kawoe hĩa be woanɔ be lém nɛ eye wòanɔ dɔ wɔm nyuie?

Dɔwɔnu Si Ðeke Mesɔ Kpli O

 Le May 2013 mea, Dɔdzikpɔhaa bia tso Dɔwɔƒe Si Trɔa Asi Le MEPS Dɔwɔɖoɖowo Ŋu, si le habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã, si be woawɔ dɔwɔnu aɖe si dzi Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si me wogbugbɔ to la anɔ. Paul Willies si wɔa dɔ le Dɔwɔƒe Si Trɔa Asi Le MEPS Dɔwɔɖoɖowo Ŋu gblɔ be: “Do ŋgɔ na ƒe 2013 la, míewɔ dɔwɔnu aɖeke si amewo ate ŋu ahe ɖe woƒe mɔ̃wo dzi kpɔ o. Gake míeƒo dɔwɔla aɖewo nu ƒu, míeɖo asi dɔ aɖewo dzi, eye míewɔ dɔ kple dɔwɔƒe bubuwo be míate ŋu awɔ dɔwɔnu sia kple nu siwo anɔ edzi. Míedo gbe ɖa zi geɖe, eye le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, le ɣleti atɔ̃ megbea, woɖe dɔwɔnua ɖe go le ƒe sia ƒe takpekpea me!”

 Dɔ gã bubu si dze ŋgɔ mí ye nye ale si míatrɔ asi le dɔwɔnu sia ŋu wòazu agbalẽdzraɖoƒe ŋutɔŋutɔ si dzi míaƒe agbalẽ geɖewo anɔ le gbegbɔgblɔ geɖewo me. Kaka va ɖo January 2015 la, míaƒe agbalẽ yeye siwo le Eŋlisigbe mea, nɔ dɔwɔnua dzi, eye le ɣleti ade pɛ ko megbea, dɔwɔnua zãlawo tea ŋu hea agbalẽ siawo ɖe woƒe mɔ̃wo dzi le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me.

 Tso ɣemaɣia, mía nɔviwo trɔa asi le dɔwɔnua ŋu le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔ videowo de eme, woƒo ƒu agbalẽ kple media siwo míezãna le kpekpeawo me ɖe teƒe ɖeka, eye nyatsoƒe siwo le Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽa me la le Biblia ƒe kpukpuiwo gbɔ ezãlawo ate ŋu akpɔ.

Beléle Na Dɔwɔnua

 Woʋua JW Library dɔwɔnua le mɔ̃ miliɔn 8 dzi gbe sia gbe eye woʋunɛ le mɔ miliɔn 15 dzi ɣleti sia ɣleti! Nu kae wòbia be woana dɔwɔnu sia nanɔ dɔ wɔm nyuie le mɔ̃ mawo dzi? Nɔviŋutsu Willies gblɔ be: “Dɔ siwo wòle be woawɔ le dɔwɔnu siawo tɔgbi ŋu be woawɔ dɔ nyuia mevɔna gbeɖe o. Míele dɔ dzi gbe sia gbe be míatsɔ nu bubuwo akpee ale be ezãlawo nase vivi na ezazã. Esi wònye be kɔmpiuta kple fon wɔlawo trɔa asi le woƒe mɔ̃ dzi dɔwɔɖoɖowo ŋu enuenu taa, ele be míawo hã míanɔ asi trɔm le JW Library dɔwɔnua ŋu enuenu be wòate ŋu awɔ dɔ le mɔ̃ mawo dzi. Eye esi wònye be agbalẽ kple media siwo míedana ɖe JW Library dzi le dzidzim ɖe edzi ta la, ele be míayi edzi anɔ dɔwɔnua ƒe dɔwɔɖoɖoa kekem ɖe enu ahanɔ be lém nɛ.” Ne wotsɔ nu siwo katã le gbegbɔgblɔ siwo katã le JW Library dɔwɔnua dzi me ƒo ƒua, wole agbalẽ siwo ade 200,000, kpakple video kple ɔdio 600,000 kple edzivɔ.

 Gake be míate ŋu ayi edzi alé be na dɔwɔnu sia be wòawɔ dɔ nyuie la, menye kɔmpiuta ɖeɖe koe míehiã na o. Ahiã be míaxe fe hafi ate ŋu azã kɔmpiuta dzi dɔwɔɖoɖo aɖewo. Kɔmpiuta dzi dɔwɔɖoɖo ɖeka ɖeɖe dzaa xɔ Amerika dɔlar 1,500. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Dɔwɔƒe Si Trɔa Asi Le MEPS Dɔwɔɖoɖowo Ŋu zãa Amerika dɔlar 10,000 ƒe sia ƒe ɖe mɔ̃ siwo dɔwɔƒe vovovowo wɔna ŋu be woakpɔ egbɔ be JW Library dɔwɔnua nawɔ dɔ le kɔmpiuta, tablɛt alo fon yeyewo dzi nyuie.

Dɔwɔnu Si Ðiɖi Ga Si Wodzɔna Zazã Dzi Kpɔtɔ

 JW Library dɔwɔnua zazã wɔe be ga siwo wozãna ɖe agbalẽwo tata, wo babla kple wo ɖoɖo ɖe teƒe vovovowo dzi ɖe kpɔtɔ kura. Le kpɔɖeŋu me, bu agbalẽvi si nye Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe ŋu kpɔ. Míeta Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro ƒe 2013 tɔa ƒe kɔpi miliɔn 12 sɔŋ. Gake le ƒe 2020 tɔa gome ya, míeta miliɔn atɔ̃ pɛ ko, togbɔ be gbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi 700,000 le xexea me godoo hã. Nu ka gbɔe tɔtrɔ sia tso? Nu si gbɔ wòtsoe nye be mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo xlẽa gbe sia gbe mawunyakpukpuia le JW Library dzi. a

“Nu Xɔasi Aɖee Wònye Vavã”

 JW Library ɖea vi na ame siwo zãnɛ le mɔ geɖe nu. Geneviève si le Canada kpɔe be dɔwɔnua zazã na yeva le nu srɔ̃m edziedzi wu. Egblɔ be: “Ne mato nyateƒea, ne ɖe wòle be mahe agbalẽ ŋutɔŋutɔwo ado goe hafi ate ŋu asrɔ̃ nua, anye ne nyemate ŋu asrɔ̃ nu ŋdi sia ŋdi o. Gake ne metsɔ nye tablɛt si dzi dɔwɔnu sia lea, agbalẽ ɖe sia ɖe si mehĩa le edzi xoxo, esia wɔe be mesrɔ̃a nu edziedzi. Esia do ŋusẽ nye xɔse eye wòna meva te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu.”

Geneviève

 Dɔwɔnua gale vi ɖem wu vevietɔ le corona dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣi sia me. Charlyn si le United States gblɔ be: “Esi corona dɔvɔ̃ sia kaka ɖe xexea me godooa, nyemegakpɔ míaƒe agbalẽwo ƒe tatatɔ aɖeke kpɔ o ƒe ɖeka kple edzivɔe nye esia. Gake esi wònye JW Library le mía si taa, nu sia nu si míehĩa be míaƒe xɔse nasẽ ŋu la su mía si, eye medaa akpe gã aɖe na Yehowa ɖe nunana nyui sia ta.”

 Faye, si le Philippines, ɖe ale si ame geɖe sena le wo ɖokui me tso dɔwɔnu sia ŋu la gblɔ ale: “Dɔwɔnu nyui sia kpena ɖe ŋunye be manɔ Yehowa ŋu kplikplikpli. Dɔwɔnu siae nye nu gbãtɔ si mezãna ŋdi sia ŋdi. Eye ne mele aƒemedɔ wɔm la, meɖoa to odiowo le edzi. Eyae mezãna tsɔ dzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu. Eyae mezanã tsɔ dzrana ɖo ɖe Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu. Mekpɔa videowo le edzi le ɣeyiɣi siwo me mevo. Ne mele fli me le lalam be mayi teƒe aɖe la, mexlẽa Biblia alo nyatiwo le edzi. Nu xɔasi aɖee wònye vavã.”

 Dɔwɔnu sia ɖea vi geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me hã. Le kpɔɖeŋu me, esime nɔvinyɔnu aɖe si le Cameroon nɔ gbeadzi gbeɖeka, edi be yeazã ŋɔŋlɔ aɖe si nɔvinyɔnu aɖe zã le gbeadzi kwasiɖa ʋɛ aɖewo do ŋgɔ. Ke hã, meɖo ŋku ŋɔŋlɔ si tututu nɔvinyɔnua zã la dzi o. Egblɔ be: “Gake dzidzɔtɔea, meɖo ŋku ŋɔŋlɔa me nya aɖe dzi. Eye meʋu Biblia le JW Library la dzi eye meŋlɔ nya ma ɖe nudiƒea. Enumake meke ɖe ŋɔŋlɔa ŋu. JW Library dɔwɔnua kpena ɖe ŋunye mekena ɖe ŋɔŋlɔ siwo meŋlɔna be ɣeaɖewoɣia ŋu.”

 Nu siwo miedzɔna dɔmenyotɔe to donate.pr418.com dzi ye kpe ɖe mía ŋu míete ŋu wɔ JW Library dɔwɔnua, eye míete ŋu le asi trɔm le eŋu edziedzi be wòanɔ dɔ wɔm nyuie. Míeda akpe na mi ɖe miaƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔawo ta.

JW Library Ŋuti Nyatakaka Ðedzesiwo

  1. October 2013—Woɖe dɔwɔnua ɖe go eye Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si me wogbugbɔ to la le edzi

  2. January 2015—Wotsɔ agbalẽ siwo le Eŋlisigbe me la de edzi, eyome wotsɔ agbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ alafa geɖewo me hã va kpee

  3. November 2015—Woate ŋu ade ama nuŋɔŋlɔwo le edzi azɔ

  4. May 2016—Wotsɔ akpa si nye Kpekpewo kpee

  5. May 2017—Woate ŋu awɔ nuŋlɔɖiwo le edzi azɔ

  6. December 2017—Wotrɔ asi le eŋu be woate ŋu ada Nusɔsrɔ̃ Biblia ɖe edzi

  7. March 2019—Wotrɔ asi le eŋu be woate ŋu awɔ odio-nuwo ƒe kɔpi, woaƒo videowo tẽe le edzi, eye woate ŋu aʋu Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ le edzi

  8. January 2021—Wogatrɔ asi le eŋu be Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa nate ŋu anɔ edzi

a Nuwo ƒe kɔpiwɔwɔ le JW Library dzi mexɔ asi kura o. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe si va yi mea, míezã Amerika dɔlar miliɔn 1,500,000 kple edzivɔ be amewo nate ŋu awɔ nuwo ƒe kɔpi alo aƒo videowo kple odiowo tẽe le jw.org kple JW Library dɔwɔnua dzi. Ke hã, esia nyo sãsãsã wu ga si míezãna ɖe agbalẽwo tata kple woɖoɖo ɖa kpakple CD-wo kple DVD-wo wɔwɔ ŋu.