Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

Kpekpe Ðe Amewo Ŋu Le Xexea Me Godoo Be Woasrɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ

Kpekpe Ðe Amewo Ŋu Le Xexea Me Godoo Be Woasrɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ

 Agostinho si le Brazil gblɔ be: “Agble aɖe dzie metsi le. Míaƒe ƒomea da ahe ŋutɔ. Eva hiã gɔ̃ hã be madzudzɔ sukudede ale be mawɔ dɔ atsɔ akpe asi ɖe míaƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ ŋu.” Agostinho xɔ ƒe 33 hafi va nya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Egblɔ be: “Esi meva nya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ la, amewo va dea bubu ŋunye nyuie wu.”

 Agostinho nye ame akpe geɖe siwo ŋu Yehowa Ðasefowo kpe ɖo wosrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ le ƒe 70 siawo me la dometɔ ɖeka ko. Nu ka tae Yehowa Ðasefowo fiaa nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ amewo? Aleke esia ɖe vi na amewoe?

Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ Manyamanya Nana Be Nusɔsrɔ̃ Sesẽna

 Kaka ƒe 1930 ƒe domedome naɖoa, Yehowa Ðasefowo nɔ gbeƒã ɖem le dukɔ 115 me. Be woate ŋu aɖo gbe vovovo dolawo gbɔa, dutanyanyuigblɔlawo ƒoa Biblia me nuƒo siwo wolé ɖi la na amewo eye le go aɖewo mea, womaa míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le ameawo degbe me la na wo. Togbɔ be Biblia me gbedeasia dzɔa dzi na ame geɖe hã, esi womenya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o ta, esesẽna na wo be woasrɔ̃ Biblia.

 Esi wònye be ameawo ŋutɔ metea ŋu xlẽa Biblia o ta, esesẽna be woasrɔ̃ Biblia ase eƒe mɔfiamewo gɔme. (Yosua 1:8; Psalmo 1:2, 3) Esesẽna na wo be woawɔ dɔ siwo Mawu de wo si hã. Le kpɔɖeŋu me, menɔa bɔbɔe na dzilawo siwo menya nuxexlẽ o la be woafia Mawu ƒe Nyaa wo viwo o. (5 Mose 6:6, 7) Eye esesẽna na Yehowa Ðasefo yeye siwo menya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o la hã be woafia Biblia me nyateƒea amewo.

Wode Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ Fiafia Amewo Ƒe Ðoɖo Aɖe To Me

 Le ƒe 1940 kple ƒe 1950 mea, Nathan H. Knorr kple Milton G. Henschel, siwo xɔa ŋgɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa me la zɔa mɔ yia dukɔ vovovowo me vae wɔa ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Eye ne woyi dukɔ siwo me nɔviawo menya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ le oa, wodea dzi ƒo na alɔdzedɔwɔƒewo be woawɔ ɖoɖo woanɔ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ fiam amewo le hamewo me.

Woɖe nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ gbalẽ gbadza si le Cinyanja-gbe me ɖe go le takpekpe sue si wowɔ le Chingola, Zambia, le ƒe 1954 me

 Alɔdzedɔwɔƒewo ɖo mɔfiamewo ɖe hamewo le ale si woafia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ amewo. Le dukɔ aɖewo mea, nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ƒe ɖoɖowo nɔ dziɖuɖua si xoxo si nɔviawo ate ŋu azã. Le kpɔɖeŋu me, le Brazil dukɔa mea, alɔdzedɔwɔƒea xɔ nusrɔ̃gbalẽwo kple dɔwɔnu siwo hiã tso dziɖuɖua gbɔ eye woɖona wo ɖe hamewo. Le dukɔ bubuwo mea, ehiã be Ðasefoawo ŋutɔ nato mɔnuwo vɛ, si dzi woato afia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nɔviawo.

 Nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ƒe ɖoɖo sia le ʋuʋu ɖi na ame sia ame; ŋutsuwo, nyɔnuwo, ametsitsiwo kple ɖeviwo siaa. Taɖodzinuae nye be woafia nɔviawo wo degbe xexlẽ, ne esia bia be woafia gbe vovovowo le hame ɖeka me gɔ̃ hã.

Ðoɖo Si Kpena Ðe Ame Geɖe Ŋu

 Aleke nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ƒe ɖoɖo sia ɖe vi na amewo? Ðasefo aɖe si tso Mexico gblɔ be: “Fifia metea ŋu sea Biblia gɔme nyuie eye emenyawo dea dzi gbɔ nam. Fifia esi meva nya nuxexlẽa, ekpe ɖe ŋunye metea ŋu ɖoa dze kple nye aƒelikawo faa eye metea ŋu gblɔa Biblia me gbedeasia na ame geɖe.”

 Nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ƒe ɖoɖo sia ɖe vi na amewo wu Biblia gɔme sese ɖeɖe ko. Isaac si tso Burundi gblɔ be: “Esi meva nya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔa, ekpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ xɔtuɖaŋuwo. Xɔtudɔe va nye nye dɔwɔɖui eye fifia mekpɔa xɔtudɔ gãgãwo dzi.”

Wole Chichewagbe fiam amewo le Fiaɖuƒe Akpata me le Lilongwe, Malawi, le ƒe 2014 me

 Aƒenɔ Jesusa si tso Peru xɔ ƒe 49 hafi te nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ƒe sukua dede. Egblɔ be: “Esi menye srɔ̃nyɔnu ta, ne meyi nuɖuɖunuwo ƒle ge le fiase mea, ele be mate ŋu axle nu siwo woŋlɔ ɖe wo dzi kple woƒe homewo. Tsã, avu kple kɔe esia nyena nam. Gake fifia le ɖoɖo sia ta, ne meyi asi me be mavae ƒle nuwo la, nyemegatsia dzi kura o. Akpe ɖe ɖoɖo nyui sia ta.”

 Le ƒe siwo va yi mea, dukɔ geɖewo ƒe dziɖuɖumegãwo kafu Yehowa Ðasefowo ɖe nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ƒe ɖoɖoa ta. Egbea hã, nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ƒe ɖoɖo sia si ŋu wogatrɔ asi le nyuiea gale vi ɖem na amewo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me. Wota agbalẽ gbadza siwo ade miliɔn 224 ɖe gbegbɔgblɔ 720 me tsɔ le kpekpem ɖe ame siwo menya agbalẽ o la ŋu be woanya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. *

^ Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ gbadza si nye Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ le gbegbɔgblɔ 123 me eye Ðo To Mawu gbalẽ gbadza hã le gbegbɔgblɔ 610 me.