Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Surasak Suwanmake/Moment via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Yame Xɔ Dzo Ŋutɔ Le Dukɔ Geɖe Me Le Ƒe 2023 Ƒe Dzomeŋɔli—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Yame Xɔ Dzo Ŋutɔ Le Dukɔ Geɖe Me Le Ƒe 2023 Ƒe Dzomeŋɔli—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le xexea me godoo la, yame ƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã kple afɔku siwo wòhe vɛ la na ame geɖe le fu kpem. Eŋuti nyatakaka aɖewoe nye esiawo:

  •   “[Ƒe 2023] ƒe June mee yame xɔ dzo gbãgbãgbã wu tso esime wole yame ƒe dzoxɔxɔ dzidzem ƒe 174 ye nye esia.”—Amerika ƒe habɔbɔ si kpɔa atsiaƒu kple yame ƒe nɔnɔme ƒe nyawo gbɔ, July 13, 2023 ƒe nyatakaka.

  •   “Yame xɔ dzo ŋutɔ le Italy, Spain, France, Germany kple Poland eye wole mɔ kpɔm be dzoxɔxɔa nade dzi aɖo dzidzenu Celcius 48 le ƒukpo siwo nye Sicily kple Sardinia dzi. Yame mexɔ dzo alea kpɔ le Europa o.”—Habɔbɔ si nye European Space Agency ƒe nyatakaka, July 13, 2023.

  •   “Esi anyigba le dzo xɔm ɖe edzi ta la, nu si adzɔe nye be tsi anɔ dzadzam edziedzi wu eye anɔ dzadzam sesĩe wu, si awɔe be tsiɖɔɖɔ gblẽnuwo nado gã ɖe edzi.”—Stefan Uhlenbrook. Enye dɔdzikpɔla le habɔbɔ si nye World Meteorological Organization, July 17, 2023 ƒe nyatakaka.

 Ðe nyatakaka siawo tɔgbi ɖea fu na wòa? De dzesi nu si Biblia gblɔ tso nya vevi sia ŋu.

Ðe ale si yame ƒe nɔnɔme le gbegblẽm la nye Biblia me nyagblɔɖi me vava?

 Ɛ̃. Ale si xexea me le dzo xɔm gbãgbãgbã eye yame ƒe nɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzi la wɔ ɖeka kple nu siwo Biblia gblɔ ɖi tso míaƒe ɣeyiɣia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔe ɖi be míakpɔ “nu dovoɖinamewo” alo “ŋɔdzinuwo.” (Luka 21:11; Eʋegbe Biblia) Ale si xexea le dzo xɔm la na ame geɖe le vɔvɔ̃m be madidi o, anyigba magate ŋu alé agbe ɖe te o le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo ta.

Ðe wòava dzɔ be anyigba magate ŋu alé agbe ɖe te oa?

 Ao. Mawu wɔ anyigba be amegbetɔwo nanɔ edzi tegbee; maɖe mɔ be amegbetɔwo nagblẽ edome keŋkeŋ o. (Psalmo 115:16; Nyagblɔla 1:4) Le nyateƒe me la, edo ŋugbe be ‘yeatsrɔ̃ ame siwo le anyigba la gblẽm.’—Nyaɖeɖefia 11:18.

 Biblia na míenya be Mawu ate ŋu akpɔ anyigba ta tso nu siwo ate ŋu agblẽ edome la me, eye awɔe hã.

  •   “[Mawu nana] ahom la dzea akɔ anyi kpoo; ale be ƒutsotsoewo dzea eme.” (Psalmo 107:29) Esia fia be Mawu kpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmenuwo dzi. Ŋusẽ le esi be wòaɖɔ nu siwo gblẽ le míaƒe anyigba ŋu si wɔnɛ be yame xɔa dzo gbãgbãgbã alo tsi ɖɔna la ɖo.

  •   “Èléa be na anyigba la, ènana wòwɔa nu eye wònyoa nu ale gbegbe.” (Psalmo 65:9) Esia fia mí be Mawu ƒe yayra awɔe be anyigba nazu paradiso.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ŋugbe si Biblia do be Mawu ava ɖɔ nuwo ɖo le anyigba dzi ŋu la, kpɔ nyati si nye “Ame Kae Axɔ Na Anyigba?