Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

kovop58/stock.adobe.com

NƆ ŊUDZƆ!

Ðe Olimpik Hoʋiʋliwo Ate Ŋu Ana Amewo Nawɔ Ðeka Ŋutɔŋutɔa?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ðe Olimpik Hoʋiʋliwo Ate Ŋu Ana Amewo Nawɔ Ðeka Ŋutɔŋutɔa?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Ame siwo ade miliɔn akpe atɔ̃ ye le ƒe 2024 Olimpik hoʋiʋlia kpɔm. Hoʋlilaawo tso dukɔ 206 me. Thomas Bach si nye Olimpik hoʋiʋli ƒe kɔmitia ƒe zimenɔla gblɔ be, “Wɔna sia awɔe be xexea nawɔ ɖeka eye ŋutifafa nanɔ amewo dome. Mina míakpe asi ɖe Olimpik hoʋiʋlia ƒe taɖodzinu sia ŋu ale be mí katã míawɔ ɖeka togbɔ be míetso teƒe vovovowo hã.”

 Ðe Olimpik hoʋiʋlia ate ŋu aɖo taɖodzinu vevi siawo gbɔa? Ðe wòate ŋu adzɔ be ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa vavãtɔ naxɔ xexea me gbe ɖeka?

Ðe wòate ŋu ahe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ vɛa?

 Le ƒe sia me la, Olimpik hoʋiʋliawo na ame geɖe ƒe susu va le nu bubu aɖewo hã ŋu. Elabe nyaʋiʋli kple dunyahehe nuwɔna siwo maa amewo me la le dzedzem le hoʋiʋlia me. Esia ƒe ɖewoe nye ale si wòle be woawɔ nu ɖe ame sia me ŋu nyuie le se nu eye woagakpɔ ame ŋkume o; amea nye ŋutsu alo nyɔnu, yevu alo ameyibɔ, teƒe ka kee wòtso alo subɔsubɔha ka ke mee wòle o.

 Dukɔwo dome kamedefefewo abe Olimpik hoʋiʋliwo ene doa dzidzɔ na ame geɖe. Gake nu siwo yia edzi le wɔna siawo me la maa amewo me le esi teƒe be wòana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ wo dome.

 Biblia gblɔe ɖi be ale si amewo awɔ nu le míaƒe ŋkekea me ana wòasesẽ be xexea nawɔ ɖeka. (2 Timoteo 3:1-5) Ne èdi be yeanya nu geɖe ku ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖi sia ŋu la, xlẽ nyati si nye “Ðe Biblia Gblɔ Ale Si Amewo Bua Nu Ŋu Kple Ale Si Wowɔa Nui Egbea Ŋu Nya Ðia?” Ele yevugbe me.

Nu si ahe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ vavãtɔ va xexea me

 Biblia na míenya nu si ahe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ vavãtɔ va xexea me. Edo ŋugbe be ne dziƒo dziɖuɖu aɖe va le anyigbaa dzi ɖum la, amegbetɔwo katã awɔ ɖeka. Woyɔ dziɖuɖu sia be “Mawu Fiaɖuƒe.”—Luka 4:43; Mateo 6:10.

 Fiaɖuƒe sia ƒe Fia, si nye Yesu Kristo, ana ŋutifafa naxɔ xexe bliboa me. Biblia gblɔ be:

  •   ‘Ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi, eye ŋutifafa axɔ aƒe.’—Psalmo 72:7.

  •   “Aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye . . . Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:12, 14.

 Yesu ƒe nufiafiawo na ame miliɔn geɖe siwo le dukɔ 239 me la wɔ ɖeka egbea gɔ̃ hã. Kristotɔ Yehowa Ðasefowo siwo le xexea me godoo srɔ̃ ale si woanɔ ŋutifafa me kple amewo. Ne èdi be yeanya nu geɖe tso esia ŋu la, xlẽ Gbetakpɔxɔ magazine ƒe nyati si nye “Àte Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!