Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

JenkoAtaman/stock.adobe.com

NƆ ŊUDZƆ!

Kpɔ Mɔ Na Etsɔme Nyui Aɖe Le Ƒe 2023 Me—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Kpɔ Mɔ Na Etsɔme Nyui Aɖe Le Ƒe 2023 Me—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Esi míedze ƒe 2023 sia gɔme fiaa, mí katã míedi nu nyuiwo na mía ɖokuiwo kple míaƒe ƒomewo. Nu ka tae míate ŋu akpɔ mɔ na nu nyui mawo?

Biblia na mɔkpɔkpɔ mí

 Biblia na míenya be kuxi siwo me tom míele egbea manɔ anyi ɖaa o. Le nyateƒe mea, ɖe woŋlɔ Biblia be “woatsɔ afia nu mí, ale be to míaƒe. . . akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.”Romatɔwo 15:4.

Mɔkpɔkpɔ si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò fifia

 Mɔkpɔkpɔ si Biblia na mía le abe “seke ene,” elabe eléa míaƒe agbe ɖe te. (Hebritɔwo 6:19) Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ nu nyuiwo ŋu, míanɔ te ɖe kuxi siwo me tom míele fifia nu, eye míakpɔ dzidzɔ yi ɖe mavɔ me. Le kpɔɖeŋu me,

  •   Kpɔ ale si Biblia ƒe mɔkpɔkpɔa kpe ɖe ŋutsu aɖe si nɔ avu wɔm kple numame gbegblẽ aɖe ŋu ɖa. Kpɔ video si nye Nye Agbenɔnɔ Tim.

  •   Kpɔ ale si Biblia ƒe mɔkpɔkpɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míaƒe ame vevi aɖe ku. Kpɔ video si nye Akɔfafa Na Ame Siwo Le Nu Xam.

Ka ɖe mɔkpɔkpɔ si Biblia na mí dzi

 Ame geɖe kpɔa mɔ na nu nyuiwo gake womekana ɖe edzi be nu siwo yewo le mɔ kpɔm na ava eme ŋutɔŋutɔ o. Biblia ƒe ŋugbedodowo ya mele nenema o. Nu ka tae? Elabe ŋugbedodo siwo le Biblia mea tso Yehowa Mawu, a “ame si mate ŋu aka aʋatso o” ŋutɔ gbɔ. (Tito 1:2) Yehowa ko sie ŋusẽ le be wòawɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi; ate ŋu awɔ ‘nu sia nu si wòdi be yeawɔ.’—Psalmo 135:5, 6.

 Míedi vevie be mɔkpɔkpɔ vavã si Biblia na naɖe vi na wò. Àte ŋu aka ɖe mɔkpɔkpɔ sia dzi ne ‘èdzroa Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito.’ (Dɔwɔwɔwo 17:11) Zã míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa nàtsɔ ate esia kpɔ. Dze ƒe 2023 sia gɔme kple kakaɖedzi be nuwo ava nyo le etsɔme!

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.