Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Chris McGrath/Getty Images

GBEƑÃÐEÐEDƆ TƆXƐ

Aʋawɔwɔ—Nu Si Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Tso Eŋu

Aʋawɔwɔ—Nu Si Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Tso Eŋu

 Le xexea me godooa, aʋawɔwɔwo yi edzi le nu gblẽm ale gbegbe, si na amewo le fu kpem ŋutɔ. Kpɔ nyatakaka siwo gbɔna ɖa:

  •   “Aʋa siwo yi edzi le Ethiopia kple Ukraine wɔe be ame gbogbo aɖewo ku le ƒe si va yi me wu ƒe bubu ɖe sia ɖe tso ƒe 1994 me.”—Peace Research Institute Oslo, June 7, 2023.

  •   “Aʋa si le edzi yim le Ukraine la nye xexea me nudzɔdzɔ siwo gblẽ nu le ƒe 2022 mea dometɔ ɖeka ko. Le xexea me godooa, ʋunyaʋunya siwo yi edzi le dunyahenyawo me dzi ɖe edzi alafa me mama 27 le ƒe si va yi me, eye wobu akɔnta be ame biliɔn 1 kple miliɔn alafa 7 ŋue wògblẽ nu le.”—The Armed Conflict Location & Event Data Project (ACLED), February 8, 2023.

 Biblia naa mɔkpɔkpɔ mí. Egblɔ be “dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.” (Daniel 2:44) Le Fiaɖuƒe alo dziɖuɖu ma mea, Mawu ‘atsi aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi.’—Psalmo 46:9.