Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

hadynyah/E+ via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Aʋawɔwɔ Kple Yame Ƒe Nɔnɔme Si Le Gbegblẽm Na Nuɖuɖu Le Vevem Le Xexea Me Godoo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Aʋawɔwɔ Kple Yame Ƒe Nɔnɔme Si Le Gbegblẽm Na Nuɖuɖu Le Vevem Le Xexea Me Godoo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Aʋa si le edzi yim le Ukraine kple ale si yame ƒe nɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzi wɔe be nuɖuɖu le vevem eye wòle asi xɔm hã. Nɔnɔmea gasesẽ wu le dukɔ dahe siwo me amewo dagbana le hafi kpɔa nu ɖuna.

  •   “Aʋawɔwɔ, yame ƒe nɔnɔme, ale si mɔ̃memi ƒe asi le dzi yim kple nu bubuwo wɔe be kuxi geɖe wu va le agbledede ŋu eye nuɖuɖu le vevem.”—António Guterres, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã, July 17, 2023.

  •   “Numekulawo gblɔ be esi Russia gbe be yemagakpe asi ɖe ɖoɖo si nɔ anyi tsã si ɖe mɔ be Ukraine naɖo nuɖuɖu ɖe dukɔ bubuwo me ŋu o ta la, nuɖuɖu agave wu le xexea me godoo eye eƒe home ayi dzi le dukɔ dahewo me, vevietɔ esiwo le Dziehe Afrika kple Titina Ɣedzeƒe.”—Atalayar.com, July 23, 2023.

 De dzesi nya si Biblia gblɔ tso nuɖuɖu ƒe veve kple ale si nuwo ava nɔ le etsɔme ŋu.

Biblia gblɔe ɖi be nuɖuɖu ave

  •   Yesu gblɔ be: “Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave le teƒeteƒewo.”—Mateo 24:7.

  •   Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ƒo nu tso sɔdola ene aɖewo ŋu. Wo dometɔ ɖeka le tsitre ɖi na aʋawɔwɔ. Sɔdola si le eyome la le tsitre ɖi na ɣeyiɣi si me nuɖuɖu ave eye eƒe asi ayi dzi bobobo. Wogblɔ tso eŋu be: “Mekpɔ sɔ yibɔ aɖe, edola lé nudanu ɖe asi. Mese [gbe aɖe] le gbɔgblɔm be: ‘Bli agba ɖeka axɔ agbatedɔwɔlawo ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu, eye lu agba etɔ̃ anye agbatedɔwɔlawo ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu.’”—Nyaɖeɖefia 6:5, 6, Agbenya La.

 Biblia me nyagblɔɖi siawo siwo ku ɖe nuɖuɖu ƒe veve ŋu la le eme vam le míaƒe ɣeyiɣi sia si Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo” la me. (2 Timoteo 3:1) Ne èdi be yeasrɔ̃ nu bubuwo tso “ŋkeke mamlɛawo” kple sɔdola ene siwo ŋu nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ŋu la, kpɔ video si nye Xexea Trɔ Tso Ƒe 1914 Me eye nàxlẽ nyati si nye “Sɔdola Eneawo Ame Kawoe Wonye?

Ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu

  •   Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo abe nuɖuɖu ƒe veve kple ale si wòle asi xɔm la nu. Ne èdi be yeaxlẽ aɖaŋuɖoɖo siawo dometɔ aɖewo la, xlẽ nyati si nye “Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Ga Sue Si Le Asiwò Nu.”

  •   Azɔ hã, Biblia gblɔ nya siwo na míele mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe. Ena míenya be ɣeyiɣi li gbɔna esime “agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba” dzi eye nuɖuɖu abɔ ame sia ame nakpɔ aɖu. (Psalmo 72:16) Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ sia kple nu si tae nàte ŋu aka ɖe edzi ŋu la, xlẽ nyati si nye “Kakaɖedzi Li Be Etsɔme Anyo.”