Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Francesco Carta fotografo/Moment via Getty Images

Ame Geɖe Va Le Akogo Tsim Fifia Wu Tsã—Nya Si Biblia Gblɔ

Ame Geɖe Va Le Akogo Tsim Fifia Wu Tsã—Nya Si Biblia Gblɔ

 Numekuku aɖe si wowɔ le xexea me katã nyitsɔ laa a ɖee fia be le mama dedie nu la, ame ɖeka le ene me tsia akogo.

  •   “Ame sia ame, ƒe ka kee wòɖaxɔ o, afika kee wòɖale o, ate ŋu aɖe ɖe aga tso ame bubuwo gbɔ.”—Chido Mpemba, Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa Ƒe Akpa Si Kpɔa Amewo Dome Kadonyawo Gbɔ ƒe zimenɔlawo dometɔ ɖeka.

 Ame geɖe susui be ame tsitsiwo alo ame siwo ɖe ɖe aga koe tsia akogo. Gake nyae nye be ame siwo metsi o, esiwo le lãmese me, ame siwo dzi nu de kple esiwo ɖe srɔ̃ siaa tsia akogo. Ne ame aɖe medea ha kple amewo o eye wòtsia akogo edziedzi la, ate ŋu agblẽ nu le eƒe lãmesẽ kple seselelãme ŋu.

  •   Dr. Vivek Murthy, si nye amekonyadzikpɔlagã le Amerika gblɔ be “menye seselelãme dzro ƒe nya koe akogotsitsi nye o. Ale si sigaret 15 nono gbe sia gbe ate ŋu awu ame la, nenemakee akogotsitsi alo ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga hã ate ŋu awu ame.”

Nya si Biblia gblɔ

 Mía Wɔla medi be míaɖe ɖe aga tso ame bubuwo gbɔ o. Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo nade ha nyuiwo kple wo nɔewo eye woase vivi ɖekae.

  •   Biblia ƒe mɔfiame: “Mawu gblɔ be: ‘Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o.’”—1 Mose 2:18.

 Mawu di be míadze xɔlɔ̃ ye. Edo ŋugbe be yeate ɖe mía ŋu ne míedze agbagba te ɖe ye ŋu.—Yakobo 4:8.

  •   Biblia ƒe mɔfiame: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la.”—Mateo 5:3.

 Mawu di be míaƒo ƒu kple ame bubuwo asubɔ ye. Ne míewɔ esia la, míekpɔa dzidzɔ wu.

  •   Biblia ƒe mɔfiame: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi . . . o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo”—Hebritɔwo 10:24, 25.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si wòle vevie be nàƒo asa na akogotsitsi ŋu la, xlẽ nyati si nye “Ame Geɖe Tsi Akogo Togbɔ Be Mɔ̃ dzi Dzeɖomɔnuwo Va Bɔ Hã”. Ele yevugbe me

a The Global State of Social Connections, by Meta and Gallup, 2023.