Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Justin Paget/Stone via Getty Images

Akogotsitsi Ƒe Kuxia—Aleke Nàwɔ Anɔ Te Ðe Enu?

Akogotsitsi Ƒe Kuxia—Aleke Nàwɔ Anɔ Te Ðe Enu?
  •   “Ne mede ɖeke o la, ame siwo le Amerika ƒe afã gblɔna be yewotsi akogo, vevietɔ ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo.”—Our Epidemic of Loneliness and Isolation: The U.S. Surgeon General’s Advisory on the Healing Effects of Social Connection and Community, 2023.

  •   “[Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa] gblɔ be yewoɖo dɔwɔha aɖe be woawɔ nane tso akogotsitsi ƒe kuxia ŋu elabe ehiã kpata, eye woaku nu me tso ale si woate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔe ŋu le dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ dahewo siaa me.”—Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ, November 15, 2023.

 Biblia ɖo aɖaŋu nyui aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be kadodo nyui nanɔ mía kple amewo dome ale be míagatsi akogo o.

Biblia ƒe mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu

 Mèganɔ nu siwo aɖe wò ɖe aga tso amewo gbɔ wɔm ƒũu akpa o. Esia ƒe ɖee nye Internet dzi hahokadodo ƒe mɔnuwo zazã atraɖii. Ke boŋ, nɔ ha dem kple amewo ŋkume kple ŋkume eye nàdze xɔlɔ̃ nyuiwo.

  •   Biblia ƒe mɔfiame: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17.

 Dze agbagba nànɔ kpekpem ɖe amewo ŋu. Ne míenyoa dɔme na amewo la, enana mía kpli wo dome nɔa nyuie eye míekpɔa dzidzɔ hã.

  •   Biblia ƒe mɔfiame: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

 Yi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea be nàkpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui bubuwo le Biblia me ku ɖe ale si nàdze xɔlɔ̃ nyuiwo ŋu.