Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miame: Olena Yefremkina/stock.adobe.com; center: lunamarina/stock.adobe.com; ɖusime: Rido/stock.adobe.com

NƆ ŊUDZƆ!

Ame Ka Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ame Ka Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Dzi ɖena le amewo ƒo ne ame siwo dzi woka ɖo la trɔ wo to eme. Ame geɖe megakana ɖe ame vovovo siawo dzi o:

  •   dunyahela siwo dia wo ɖokui tɔ eye wometsɔa ɖeke le eme na amewo o.

  •   nyadzɔdzɔgblɔla siwo menaa nyatakaka siwo le eteƒe o.

  •   atikeŋutinunyala siwo mewɔa nu siwo aɖe vi na amewo o.

  •   subɔsubɔhakplɔla siwo vu ɖe dunyahehe ŋu le esi teƒe be woawɔ dɔ na Mawu.

 Eya ta amewo tɔ dzɔ be womekana ɖe ame sia ame dzi ko nenema o. Biblia xlɔ̃ nu mí be:

  •   “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.”—Psalmo 146:3, Eʋegbe Biblia.

Ame si dzi nàte ŋu aka ɖo

  Biblia gblɔ be míate ŋu aka ɖe ame aɖe dzi, ame mae nye Yesu Kristo. Menye ame nyui aɖe si nɔ anyi ƒe alafa geɖee nye esi va yi la koe wònye o. Enye ame si Mawu tia be ‘wòaɖu fia, eye nuwuwu manɔe na eƒe Fiaɖuƒe la o.” (Luka 1:32, 33) Yesu nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, eye Fiaɖuƒe ma nye dziɖuɖu si le dzi ɖum le dziƒo fifia.—Mateo 6:10.