Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

sinceLF/E+ via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Ame Kae Axɔ Na Dumevi Dzroawo?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ame Kae Axɔ Na Dumevi Dzroawo?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Dukɔ Ƒoƒuawo ka nya ta be:

  •   Tso October 7 va se ɖe October 23, 2023 dzi la, wowu ame 6,400 kple edzivɔ eye ame siwo wu 15,200 hã xɔ abi vevie le ʋunyaʋunya si le edzi yim le Gaza kple Israel dome ta. Ame siawo dometɔ akpa gãtɔ nye dumevi siwo menye asrafowo o. Nɔnɔmea wɔe be ame akpe alafa geɖe si dzo le woƒe aƒewo me.

  •   Aʋa si le edzi yim le Russia kple Ukraine dome la wɔe be kaka September 24, 2023 naɖo la, wowu dumevi 9,701 siwo menye asrafowo o eye ame 17,748 hã xɔ abi vevie le Ukraine.

 Mɔkpɔkpɔ kae le Biblia me na ame siwo ŋu aʋawɔwɔ le nu gblẽm le?

Mɔkpɔkpɔ li

 Biblia gblɔe ɖi be Mawu atsi “aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi.” (Psalmo 46:9) Ana dziɖuɖu, alo fiaɖuƒe, aɖe si le dziƒo nava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe. (Daniel 2:44) Mawu Fiaɖuƒea ana ame sia ame nakpɔ gbɔdzɔe eye wòanɔ anyi le ŋutifafa me.

 De dzesi nu si Yesu Kristo, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, awɔ na mí:

  •   “Aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la, kple ame tsɛ kpakple ame si si xɔnametɔ aɖeke mele o la. Ase veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe agbe. Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:12-14.

 Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖɔ nu siwo gbegbe aʋawɔwɔ kple nu vlo wɔwɔ gblẽ le amegbetɔwo ŋu la ɖo.

  •   “Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

 Madidi o, Mawu Fiaɖuƒea ava trɔ nuwo le anyigba dzi. Biblia gblɔe ɖi do ŋgɔ be míase “aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo,” eye míele esiawo teƒe kpɔm egbea. (Mateo 24:6) Nudzɔdzɔ siawo kple bubu geɖewo ɖo kpe edzi be míele amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me.—2 Timoteo 3:1.