Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ismail Sen/Anadolu Agency via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Anyigbaʋuʋu Dziŋɔwo Gblẽ Nu Le Turkey Kple Syria—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Anyigbaʋuʋu Dziŋɔwo Gblẽ Nu Le Turkey Kple Syria—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le Dzoɖa, February 6, 2023 dzia, anyigbaʋuʋu dziŋɔwo gblẽ nu le Turkey kple Syria.

  •   “Le Dzoɖagbea, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe na ame 3,700 kple edzivɔ ku le Turkey kple Syria ƒe dzieheɣetoɖoƒe nutowo me. Esia dzɔ le vuvɔŋɔli, si wɔe be nyaa gagblẽ ɖe edzi kura na ame akpe geɖe siwo nuvevi wɔ alo woƒe aƒewo gbã. Eye egawɔe hã be ele sesẽm ŋutɔ be woake ɖe agbetsilawo ŋu le gli gbagbãwo te.”—Reuters, February 6, 2023.

 Egbãa dzi na mí ŋutɔ ne míese nu tso afɔku siawo tɔgbi ŋu. Le ɣeyiɣi siawo tɔgbi mea, míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa, a “akɔfafawo katã ƒe Mawu,” la ŋu. (2 Korintotɔwo 1:3) Enaa ‘akɔfafa mí to Ŋɔŋlɔawo dzi ale be mɔkpɔkpɔ nasu mía si.’—Romatɔwo 15:4.

 Biblia na míenya nu siawo:

  •   Nyagblɔɖi siwo ku ɖe anyigbaʋuʋuwo ŋu.

  •   Afi si míate ŋu akpɔ akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ le.

  •   Ale si Mawu ava ɖe fukpekpe ɖe sia ɖe ɖa keŋkeŋ.

 Ne èdi be yeanya nu si Biblia gblɔ tso nya mawo ŋua, xlẽ nyati siawo:

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.