Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Biblia Gblɔ Tso Ale Si Tsi Nyui Le Vevem Le Xexea Me Godoo La Ŋu?

Nu Kae Biblia Gblɔ Tso Ale Si Tsi Nyui Le Vevem Le Xexea Me Godoo La Ŋu?

 Mí katã míehiã tsi nyui si míate ŋu azã be míanɔ agbe. Gake Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã gblɔ be “tsi nyui si amewo azã le vevem le xexea me godoo eye esia ava zu kuxi gã aɖe.” Fifia gɔ̃ hã, ame biliɔn geɖe siwo le xexea ƒe akpa vovovowo mekpɔa tsi nyui nona bɔbɔe o.

Strdel/AFP via Getty Images

 Ðe ame sia ame akpɔ tsi nyui si asu nɛ gbe ɖeka? Alo ɖe tsi ayi edzi anɔ vevem ɖaa? Nya kae Biblia gblɔ?

Ŋugbe siwo Biblia do ku ɖe tsi ŋu

 Biblia gblɔ be ɣeyiɣi aɖe ava esime tsi magave le teƒe aɖeke o. Le nyateƒe me la, tsi nyui asɔgbɔ ɖe afi sia afi.

 “Elabena tsi aŋɔ tso gbegbe, eye tɔsisi atso tagba. Bleziblezi azu ta, eye kuɖiɖinyigba azu tsidzɔƒe.”—Yesaya 35:6, 7.

 Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Biblia ƒe ŋugbedodo ma dzi? Kpɔ nu siwo Biblia gblɔ ku ɖe ale si wotrɔ asi le míaƒe anyigbaa ŋu la dometɔ ɖeka ɖa.

Nya si Biblia gblɔ ku ɖe anyigbaa kple ale si tsi wɔna dzana ŋu

 ‘Menye ɖeko Mawu wɔ anyigbaa dzodzro o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi.’—Yesaya 45:18.

 Esi Mawu wɔ anyigbaa be amewo kple nu gbagbewo nanɔ edzi ta la, ewɔ ɖoɖo nyui aɖewo be tsi nyui nasɔ gbɔ ɖe anyigbaa dzi.

 ‘Mawu hea tsi toŋtoŋwo yia dzii; wozua tsidzadza tso eƒe afu me; ale be alilikpowo dzanɛ; eye wodzana ɖe amegbetɔwo dzi bababa.’—Hiob 36:27, 28.

 Mawunyakpukpui sia ɖɔ ɖoɖo nyui si Mawu wɔ be tsi nagavɔ le anyigbaa dzi o la eme kɔ nyuie. Anyigbaa ƒe dzoxɔxɔ wɔnɛ be tsi siwo le edzi kple atsiaƒua ƒe ɖe zua tsidzudzɔ. Tsidzudzɔ sia yia alilikpowo me va zua tsi eye wòtrɔ dzana ɖe anyigba dzi. Esia wɔnɛ be amegbetɔwo kple lãwo kpɔa tsi nyui zãna ɣeawokatãɣi.—Nyagblɔla 1:7; Amos 5:8.

 “Mana tsi nadza na mi le edzaɣi, anyigba la awɔ nu, eye ati siwo le edzi la atse nyuie.”—3 Mose 26:4.

 Mawu do ŋugbe be yeayra Israel, dukɔ si dea agble, ale be tsi nadza na wo ɖe edzaɣi eye esia awɔe be woƒe agblemenukuwo nawɔ nyuie. Mawu nya nyuie be hafi agblemenukuwo nawɔ la, ele be tsi nadza ɖe ɖoɖo nu.

 Madidi o, Mawu awɔ nu si wòwɔ na Israel dukɔ la le anyigba bliboa dzi. (Yesaya 30:23) Gake fifia la, tsi kpɔtɔ le vevem le xexea ƒe akpa geɖe, eye ale si tsi medzana ɖe ɖoɖo nu o la nye kuxiawo dometɔ ɖeka ko. Nu bubu kawoe Biblia gblɔ be woawɔ atsɔ akpɔ kuxi siawo gbɔ?

Tsi nyui magave le anyigba dzi azɔ̃ o

 Biblia gblɔ be Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ; kuxi mawo dometɔ ɖekae nye ale si tsi le vevemee. (Mateo 6:9, 10) Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si le dziƒo si aɖu anyigba bliboa dzi. (Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 11:15) Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ nu si amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu wɔ o. Aɖe kuxi siwo katã gbɔ wòtso be tsi le vevem le anyigbaa dzi la ɖa.

 Kuxia: Yame ƒe tɔtrɔ wɔe be tsi megadzana ɖe ɖoɖo nu kura o. Esia na be ku ɖina vevie le teƒe aɖewo; eye le teƒe bubuwo la, tsi gãwo dzana eye atsiaƒua ɖɔna wua ale si dze, si wɔnɛ be tsi ɖɔna ɖea amewo.

 Egbɔkpɔnua: Mawu Fiaɖuƒea aɖɔ nu siwo amegbetɔwo gblẽ le anyigbaa ŋu la ɖo eye yame ƒe nɔnɔmewo anɔ ɖoɖo nu. Mawu do ŋugbe be: “Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.” (Nyaɖeɖefia 21:5) Tsi nyui axɔ kuɖiɖinyigbawo dzi eye esia awɔe be nu gbagbewo ate ŋu atsi nyuie le teƒe siwo agbea menya nɔna le egbea o gɔ̃ hã. (Yesaya 41:17-20) Mawu Fiaɖuƒe si dzi ɖum Yesu Kristo le la akpɔ egbɔ be dzɔdzɔmeŋusẽwo magblẽ nu o.

 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la ena ahomya dziŋɔ aɖe dze akɔ anyi; Yesu to esia dzi na míekpɔ ŋusẽ si gbegbe Mawu nɛ ƒe akpa sue aɖe. (Marko 4:39, 41) Le Kristo si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ƒe dziɖuɖua te la, dzɔdzɔmefɔkuwo magadzɔ akpɔ o. Amewo aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, woanɔ dedie eye womagavɔ̃ na dzɔdzɔmefɔku aɖeke o.

 Kuxia: Ame siwo metsɔ ɖeke le naneke me o kple dɔwɔƒe alo asitsala ŋubiãlawo ƒe nuwɔnawo na tɔsisiwo, tawo, kple tometsiwo dome gblẽ. Esia na be tsi nyuie si amewo azã la le vevem ɖe edzi.

 Egbɔkpɔnua: Mawu adzra anyigbaa dzi ɖo eye wòagana be tɔsisiwo, tawo, atsiaƒuwo kple anyigba dzi kewo nanɔ dzadzɛ. Anyigba bliboa azu paradiso. Biblia gblɔe le hakpanya ƒe atsyã me be: “Gbegbe kple kuɖiɖinyigba akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

 Nu kae ava dzɔ ɖe ame siwo metsɔ ɖeke le eme na wo haviwo kple nu siwo le anyigba dzi o la dzi? Mawu do ŋugbe be ‘yeava tsrɔ̃ ame siwo le anyigba la gblẽm.’—Nyaɖeɖefia 11:18; Lododowo 2:21, 22.

 Kuxia: Tsi siwo li la le vɔvɔm kabakaba wu tsi si dzana alo dzina tso tome, elabe amegbetɔwo le tsi zãm ɖewoɖewoe.

 Egbɔkpɔnua: Dzidzɔnya lae nye be Mawu Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu “le anyigba dzi,” ke menye amegbetɔ ɖokuitɔdilawo tɔ o. (Mateo 6:9, 10) Woana hehe nyuitɔ kekeake amegbetɔ siwo anɔ Mawu Fiaɖuƒea me. Yesaya 11:9 gblɔ be “sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi”. a Sidzedze deto kple lɔlɔ̃ vavã na Mawu kple eƒe nuwɔwɔwo aʋã amegbetɔwo be woalé be na míaƒe anyigba dzeani sia kple dzɔdzɔme nu siwo katã le edzi la nyuie.

  •    Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nu si Mawu Fiaɖuƒea awɔ ŋu la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Mawu Fiaɖuƒea Awɔ?

  •    Xlẽ Yesaya ta 35 lia le wò ŋutɔ wò Biblia me be nàkpɔ ale si woava trɔ anyigbaa wòazu paradiso.

  •    Kpɔ video si nye Nu Ka Tae Mawu Wɔ Anyigba La? be nànya nu geɖe tso Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigbaa kple amegbetɔwo ŋu.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?