Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NƆ ŊUDZƆ!

Corona Dɔvɔ̃a Wu Ame Miliɔn Ade Sɔŋ—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Corona Dɔvɔ̃a Wu Ame Miliɔn Ade Sɔŋ—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ka nya ta be kaka May 23, 2022 la, corona dɔa wu ame miliɔn ade akpe alafa eve blaadre sɔŋ. Gake le May 5, 2022 la, Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa bu akɔnta be ame siwo dɔa wua sɔ gbɔ wu ema sãsãsã. Egblɔ be le ƒe 2020 kple 2021 mea, “ame siwo corona dɔa wu kple ame siwo ku le esi dɔa kaka ɖe xexea me ta la . . . katã ƒe xexlẽme ade miliɔn wuiene akpe alafa asieke.” Nya kae Biblia gblɔ tso nya gbãdziname siawo tɔgbi ŋu?

Biblia gblɔe ɖi be dɔvɔ̃wo ava

 Yesu ƒe nyagblɔɖia le eme vam egbea. Be nàkpɔ nyagblɔɖi bubu siwo le eme vamaa, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye ‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Alo ‘Nuwuɣi’ La Ƒe Dzesi?

Biblia faa akɔ na mí

  •    “Akɔfafawo katã ƒe Mawu [la], faa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo katã me.”—2 Korintotɔwo 1:3, 4.

 Ame siwo ƒe ame veviwo ku la dometɔ geɖe kpɔe be Biblia me nyawo fa akɔ na yewo. Be nàkpɔ Biblia me nya siwo aɖe vi na wòa, xlẽ nyati siwo nye “Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Nuxaxa Nu—Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Egbea” kple “Nu Si Koŋ Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam La Ŋu.”

Biblia gblɔ nu si koŋ aɖe kuxia ɖa keŋkeŋ

  •    “Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.”—Mateo 6:10.

 Madidi o, “Mawu Fiaɖuƒe la” aɖɔ nuwo ɖo eye ame “aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém’ o.” (Marko 1:14, 15; Yesaya 33:24) Be nànya nu si dziƒofiaɖuƒe ma nye kple nu si wòava wɔa, kpɔ video si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?

 Míele wò kpem be nàsrɔ̃ nu geɖe tso nya si Biblia gblɔ ŋu, ale be aɖaŋuɖoɖo kple ŋugbedodo nyui siwo le eme nade dzi ƒo na wò kple wò ƒomea.