Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ahmad Gharabli/AFP via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Ðe Dukɔwo Ate Ŋu Awɔ Ðeka Axɔ Na Anyigba Si Le Kudɔ Ƒoma?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ðe Dukɔwo Ate Ŋu Awɔ Ðeka Axɔ Na Anyigba Si Le Kudɔ Ƒoma?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le Kwasiɖa, November 20, 2022 dzia, wowu Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpe si ku ɖe yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ ŋu, si woyɔ kpuie be COP27 la nu. Dukplɔlawo kple agbalẽnyala bibi siwo de takpekpe sia wɔ nyametsotso ɖedzesi aɖe be yewoawɔ nudzɔdzɔ tɔxɛ atsɔ akpe ɖe dukɔ dahewo ŋu be woatsɔ akpɔ nu siwo yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ le gbegblẽm le woƒe dukɔa ŋua gbɔ. Gake ame geɖe kpɔe be menye esiae anye kuxia gbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔ o.

  •   “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be míewɔ ɖoɖo be míanɔ ga dzɔm atsɔ akpe ɖe dukɔ siwo ŋu yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ le nu gblẽm lea ŋu. Gake míenya be esia ɖeɖe makpɔ kuxia gbɔ o . . . Ehia be woawɔ nane kpata atsɔ axɔ na míaƒe anyigba si le kudɔ ƒom.”—Nya siawoe António Guterres, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã gblɔ le November 19, 2022 dzi.

  •   “Yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ wɔe be anyigba ɖo afɔku gã aɖe me.”—Nya siae Mary Robinson, si nye Ireland ƒe dukplɔla tsãtɔ eye wòganye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amegbetɔwo ƒe Gomenɔamesi Se ƒe Dɔdzikpɔlagã va yia gblɔ le November 20, 2022 dzi.

 Sɔhɛwo koŋ ye tsi dzi ɖe nu si ava dzɔ ɖe míaƒe anyigba dzia ŋu. Ke nyabiaseae nye be, ɖe dukɔwo ate ŋu awɔ dɔ ɖekae be woawɔ woƒe ŋugbedodoa dzi akpɔ yame ƒe tɔtrɔ ƒe kuxia gbɔa? Nya kae Biblia gblɔ?

Ðe dukɔwo ate ŋu awɔ ɖeka akpɔ kuxia gbɔa?

 Biblia na míenya be ne dziɖuɖuwo te ŋu dze agbagba le kuxia ŋu hã, afi aɖe koe woakpɔ ta nɛ ase ɖo, womate ŋu akpɔ egbɔ keŋkeŋ o. Kpɔ susu eve siwo tae ɖa:

  •   “Nu si glɔ̃ la, womate ŋu adzɔe o.”—Nyagblɔla 1:15.

     Efia be: Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu awɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔ o, elabe Mawu mewɔ amegbetɔwo be woaɖu wo ɖokuiwo dzi o. (Yeremiya 10:23) Ne dukɔwo te ŋu wɔ ɖeka gɔ̃ hã, aleke kee wodze agbagbae o, womate ŋu akpɔ xexea me kuxiwo gbɔ o.

  •   “Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o.”—2 Timoteo 3:2, 3.

     Efia be: Biblia gblɔe ɖi be le míaƒe ŋkekea mea, ame geɖewo anye ɖokuitɔdilawo kple ame siwo malɔ̃ faa awɔ nu wòaɖe vi na amewo o, eye esia le eme vam pɛpɛpɛ.

Mɔkpɔkpɔ li

 Gake ale si woava ɖɔ nu siwo le gbegblẽm le anyigba ŋu ɖo le etsɔmea menɔ te ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ƒe agbagbadzedzewo dzi o. Mawu ɖo dziɖula nyui aɖe be wòaɖu xexe bliboa dzi, eyae nye Yesu Kristo. Biblia gblɔ tso eŋu be:

  •   “Dziɖuɖu anɔ abɔta nɛ. Eye woayɔ eŋkɔ be Aɖaŋuɖola Bibi, Mawu Ŋusẽtɔ, Fofo Mavɔ, Ŋutifafafia.”—Yesaya 9:6.

 Yesue nye Mawu Fiaɖuƒea, alo dziƒodziɖuɖua ƒe Fia. (Mateo 6:10) Ŋusẽ kple nunya le esi, eye didia le eme be wòalé be na míaƒe anyigbaa kple edzinɔlawo. (Psalmo 72:12, 16) Ne Yesu le dzi ɖuma, eƒe Fiaɖuƒea atsrɔ̃ ame siwo le “anyigba la gblẽm,” eye wòakpɔ egbɔ be anyigba gatrɔ zu abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.—Nyaɖeɖefia 11:18; Yesaya 35:1, 7.

 Be nàsrɔ̃ nu geɖe tso nu si koŋ ava kpɔ yame ƒe tɔtrɔ ƒe kuxia gbɔa, xlẽ nyati si nye “Ðe Yame Ƒe Tɔtrɔwo Agblẽ Nu Le Mía Ŋu Ðikaa?—Nya Si Biblia Gblɔ.”