Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Rui Almeida Fotografia/Moment via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Dunyahehawo Dome Nu Vlo Wɔwɔwo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Dunyahehawo Dome Nu Vlo Wɔwɔwo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Dunyahehawo dome nu vlo wɔwɔwo va bɔ fifia ŋutɔ, si wɔe be ame geɖe tsi dzodzodzoe le xexea me godoo.

  •   Le Mexico la, ʋunyaʋunya geɖe yi edzi le dunyahehawo dome le ƒe 2023-2024 ƒe akɔdaɣi, wowu dunyahela siwo di be woada akɔ na yewo la dometɔ 39 sɔŋ; esia gbegbe medzɔ kpɔ o eye wòna amewo tɔtɔ.

  •   Dunyahehawo dome nu vlo wɔwɔ geɖewo yi edzi le Europa le ɣleti siwo va yi me; wo dometɔ ɖekae nye esi wotee kpɔ be woawu Slovakia ƒe dudɔnulɔla gbãtɔ le May 15, ƒe 2024 dzi.

  •   Ewɔ nuku na ame geɖe le Amerika esi amewo tee kpɔ be yewoawu dukplɔla tsãtɔ Donald Trump le July 13, ƒe 2024 dzi.

 Nu ka tae dunyahehawo dome nu vlo wɔwɔwo va bɔ fifia ŋutɔ? Ðe enu ayi gbe ɖeka? Nya kae Biblia gblɔ?

Biblia gblɔe ɖi be amewo dome ama le dunyahehe ta

 Biblia gblɔe ɖi be le míaƒe ɣeyiɣia, si woɖɔ be “ŋkeke mamlɛawo” me la, ame akpa gãtɔ aɖe nɔnɔme siwo doa ŋutasesẽ kple mamadede amewo me ɖe ŋgɔ la afia.

  •   “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye . . . ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, . . . ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, . . . ame wɔadãwo, . . . yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo.”—2 Timoteo 3:1-4.

 Biblia gblɔe ɖi hã be nudzɔdzɔwo abe gbɔlɔlɔ atsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu kple zitɔtɔ siwo dunyahehawo hena vɛ ene la abɔ le míaƒe ɣeyiɣia me. (Luka 21:9, etenuŋɔŋlɔ) Ke hã, nu siawo manɔ anyi ɖaa o.

Dunyahehawo dome nu vlo wɔwɔ nu ayi kpuie

 Biblia gblɔ be Mawu ana eya ŋutɔ ƒe dziɖuɖu si wòɖo anyi le dziƒo la nava xɔ ɖe amegbetɔ dziɖuɖuwo katã teƒe.

  •   “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si . . . agbã fiaɖuƒe [siwo li egbea la] katã gudugudu, eye wòahe wo va nuwuwui, ke eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

 Mawu Fiaɖuƒea ana amewo katã nawɔ ɖeka eye wòana ŋutifafa naxɔ aƒe ɖi le xexea me godoo.

  •   Fiaɖuƒe ma ƒe Fia Yesu Kristo, si woyɔ be “Ŋutifafafia” la, akpɔ egbɔ be “seɖoƒe manɔe na ŋutifafa” le eƒe dziɖuɖua me o.—Yesaya 9:6, 7.

  •   Fifia gɔ̃ hã la, Fiaɖuƒe sia teviwo le ale si woanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me srɔ̃m. Eye Biblia gblɔ be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.”—Yesaya 2:3, 4.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nya sia ŋu la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Na Mí?” eye nàkpɔ video si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?