Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NƆ ŊUDZƆ!

Nu Ka Tae Dunyahehe Dea Mama Amewo Dome Nenema Gbegbe?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nu Ka Tae Dunyahehe Dea Mama Amewo Dome Nenema Gbegbe?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le xexea me godooa, dunyahehe de mama amewo dome ale gbegbe. Le 2022 mea, numekuhabɔbɔ aɖe bia gbe amewo le dukɔ 19 me eye wòka nya ta be, “ame tsitsi siwo ade 65 le alafa me gblɔ be dunya wɔe be nyahehe sẽsewo ɖo ame siwo le dunyaheha vovovowo me le dukɔa me dome.”—Pew Research Center.

 Ðe nède dzesii be dunyahehe le mama hem va amewo dome geɖe wu le afi si nèlea? Nu ka gbɔe wòtso? Ðe egbɔkpɔnu aɖe lia? Na míakpɔ nya si Biblia gblɔ ɖa.

Nɔnɔme siwo hea mama vɛ

 Biblia gblɔe ɖi be le míaƒe ɣeyiɣia si wòyɔ be “ŋkeke mamlɛawo” mea, nɔnɔme aɖewo anɔ amewo si si ana wòasesẽ ŋutɔ be amewo nawɔ ɖeka.

  •   “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, . . . ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o.”—2 Timoteo 3:1-3.

 Togbɔ be ame geɖe dzea agbagba vevie be yewoana dziɖuɖuwo ƒe ɖoɖowo nadze edzi hãa, gbeɖegbeɖea koe. Amewo ƒe susu toa vovo le nyawo ŋu, si wɔnɛ be esesẽna, alo menya wɔna gɔ̃ hã be woawɔ nu aduadu akpɔ kuxiwo gbɔ o. Ale si nuwo va yina la ɖo kpe nya si Biblia gblɔ ɖi tso gbe aɖe gbe kea dzi.

  •   “Amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.”—Nyagblɔla 8:9.

 Gake Biblia gblɔ nu si akpɔ kuxia gbɔ na mí. Eyae nye dziɖuɖu aɖe si ƒe kplɔla ate ŋu aɖe kuxi siwo nana amewo kpea fu egbea ɖa.

Dziɖula si dze hetsɔa ɖe le eme

 Biblia na míenya dziɖula si dze akpɔ míaƒe kuxiwo katã gbɔ. Dziɖula mae nye Yesu Kristo. Ŋusẽ le Yesu si be wòana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ amewo katã dome, eye edi vevie be yeawɔe hã.

  •   “Ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe” ɖi.—Psalmo 72:7.

  •   “Dukɔwo katã asubɔe.”—Psalmo 72:11.

 Yesue nye dziɖula nyuitɔ, elabe etsɔ ɖe le eme na amewo eye wòdi be yeakpe ɖe wo ŋu, vevietɔ ame siwo ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔwo ɖo.

  •   “Aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la, kple ame tsɛ kpakple ame si si xɔnametɔ aɖeke mele o la. Ase veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe agbe. Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:12-14.

 Srɔ̃ nu geɖe tso Mawu Fiaɖuƒe ŋu. Enye dziɖuɖu si le dziƒo eye Yesue nye eƒe Fia. Kpɔ ale si eƒe dziɖuɖua ate ŋu aɖe vi na wò, kple ale si nàɖee afia be yele eƒe akpa dzi.