Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dze Xɔlɔ̃wo Be Nàgatsi Akogo O—Ale Si Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

Dze Xɔlɔ̃wo Be Nàgatsi Akogo O—Ale Si Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

 Le 2023 me la, ɖɔktawo de dzesii be akogotsitsi le fu ɖem na ame geɖe le xexea me godoo eye ele be woawɔ nane tso eŋu. Ðe woate ŋu awɔ nane tso eŋua?

  •   Dr. Vivek Murthy, si nye amekola siwo le Amerika ƒe amegã, gblɔ be: “Ne míetsi akogo eye míeɖe mía ɖokui ɖe aga la, ate ŋu awɔe be míadze dɔ eye mímakpɔ dzidzɔ hã o.” Gake egblɔ kpee be: “Míate ŋu awɔ nane tso kuxi sia ŋu.” Nu kae míate ŋu awɔ? “Ele be míawɔ nu suesuesue aɖewo gbe sia gbe ale be mía kple amewo dome nanɔ nyonyom ɖe edzi.” a

 Menye ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga koe nana wotsia akogo o. Ame aɖewo nɔa ame gbogbowo dome gake wogatsia akogo. Nu ka kee nana míetsia akogo o, Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le eme siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be mía kple mía xɔlɔ̃wo dome nanɔ nyonyom ɖe edzi ale be míagatsi akogo o.

Biblia ƒe mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu

 Ðo to amewo nyuie ne miele dze ɖom. Wò ɖeka megaƒo nu ne èle dze ɖom kple amewo o, na woawo hã naƒo nu tso woƒe seselelãmewo ŋu na wò. Ne èwɔe alea la, ana woakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na yewo eye esia ana wò kpli wo dome naganɔ kplikplikpli wu.

  •   Biblia ƒe mɔfiame: ‘Miganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke midi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—Filipitɔwo 2:4.

 Dze xɔ̃ ame vovovowo. Lɔ̃ faa nàdze xɔlɔ̃ ame ƒomevi vovovowo—ame siwo tsi wu wò, ame siwo nètsi wu kple ame siwo tso dukɔ bubuwo me.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si nàwɔ be wò kple xɔ̃wòwo dome naganyo ɖe edzi ŋu la, xlẽ nyati si nye “Nu Siwo Nàwɔ Be Nàdze Xɔlɔ̃ Nyuiwo.” Ele yevugbe me.

a Our Epidemic of Loneliness and Isolation: The U.S. Surgeon General’s Advisory on the Healing Effects of Social Connection and Community, 2023.