Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Comstock Images/Stockbyte via Getty Images

GBEƑÃÐEÐEDƆ TƆXƐ

Dziɖula Siwo Meɖia Anukware O—Nu Si Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Tso Eŋu

Dziɖula Siwo Meɖia Anukware O—Nu Si Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Tso Eŋu

 Amegbetɔwo di dziɖula siwo dzi woate ŋu aka ɖo; dziɖula maɖianukwarewo ƒe nu va ti wo. Le numekuku aɖe si wowɔ le xexea me godoo eye woɖee ɖe go le ƒe 2023 mea, ame geɖewo gblɔ be dziɖulawo nye ame siwo dzi yewomekana ɖo kura o. a

 Biblia ƒo nu tso dziɖuɖu aɖe ŋu. Dziɖuɖu sia ƒe dziɖula ya ɖia anukware le nu sia nu me eye woate ŋu aka ɖe edzi bliboe. Dziɖuɖu siae nye Mawu Fiaɖuƒea eye Yesu Kristoe nye eƒe Fia alo dziɖula.—Yesaya 9:7.

 Yesu to eƒe nuwɔnawo dzi ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na amegbetɔwo ŋutɔŋutɔ. (Mateo 9:35, 36) Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia sia adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye wòana ŋutifafa ame siwo katã de eƒe dziɖuɖua dzi.—Psalmo 72:12-14.

a 2023 Edelman Trust Barometer Global Report.