Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kim Steele/The Image Bank via Getty Images

GBEƑÃÐEÐEDƆ TƆXƐ

Ganyawo Ƒe Sesẽ—Nu Si Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Tso Eŋu

Ganyawo Ƒe Sesẽ—Nu Si Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Tso Eŋu

 Le xexea me godoo la, ele sesẽm na ame geɖe be woakpɔ ga si woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye gbegblẽm ɖe edzi koe nɔnɔmea le.

  •   Numekuku aɖe si wowɔ le xexea me a nyitsɔ laa ɖee fia be “ale si nuwo le asi xɔmee wɔe be ga si amewo kpɔna tso woƒe dɔwɔɖuiwo me megatea ŋu ƒlea nu boo aɖeke fifia o.” Wogblɔ le numekukua me be ne womewɔ naneke tso nɔnɔme sia ŋu o la, “gatɔwo ayi edzi anɔ ga kpɔm eye hiãtɔwo ayi edzi anɔ ahe dam ɖe edzi; esia ana be agbea ayi edzi anɔ sesẽm na ƒome geɖe.”

 Ðe dziɖuɖuwo ate ŋu ana kuxi sesẽ sia naka ɖe eme vie, alo akpɔ egbɔ keŋkeŋua?

 Biblia na míenya be dziɖuɖu aɖe li si ate ŋu akpɔ ga kuxi sesẽ ƒe nyawo gbɔ eye awɔe hã. Egblɔ be “dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi,” si anye dziɖuɖu ɖeka si akpɔ xexea me katã ƒe kuxiwo gbɔ. (Daniel 2:44) Le dziɖuɖu ma mea, nu magade ame aɖeke dzi wu nɔvia o, ame sia ame asɔ. (Psalmo 9:18) Mawu Fiaɖuƒea akpɔ egbɔ be nu sia nu si ana ame nakpɔ dzidzɔ la su esi. Ame sia ame akpɔ viɖe tso eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ me eye wòado dzidzɔ nɛ.—Yesaya 65:21, 22.

a Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo Ƒe Habɔbɔ Ƒe Nyatakaka, ƒe 2022-2023 tɔ