Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sean Gladwell/Moment via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Dukɔwo Zã Dɔlar Miliɔn Teƒe Miliɔn Eve Kple Edzivɔ Ðe Aʋawɔwɔ Ŋu—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Dukɔwo Zã Dɔlar Miliɔn Teƒe Miliɔn Eve Kple Edzivɔ Ðe Aʋawɔwɔ Ŋu—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le ƒe 2022 mea, dukɔwo zã Amerika dɔlar triliɔn 2.24 (2,240,000,000,000) sɔŋ ɖe aʋawɔwɔ ŋu, eye aʋa si le edzi yim le Russia kple Ukraine dome hã koŋ tae gazazãa yi dzi alea ɖo. Le April 2023 mea, numekuhabɔbɔ si nye Dukɔwo Dome Ŋutifafa Ŋuti Numekuƒe Si Le Stockholm gblɔ le woƒe nyatakaka aɖe me be le ƒe 2022 mea:

  •   Ga si Europatɔwo zã ɖe aʋawɔwɔ ŋu “dzi ɖe edzi teƒe 13 le alafa me, eye tso ƒe 1991 mea, womezã ga gbogbo ma gbegbe kpɔ ɖe aʋawɔwɔ ŋu le ƒe ɖeka me o.”

  •   “Ga si Russia zã ɖe aʋawɔwɔ ŋu dzi ɖe edzi teƒe asieke kple edzivɔ le alafa me, si wɔe be eva zu dukɔ etɔ̃lia si zãa ga ɖe aʋawɔwɔ ŋu wu le xexea me. Tsãa, eyae nye dukɔ atɔ̃lia.”

  •   Amerika gakpɔtɔ nye dukɔ si zã ga gbogbotɔ ɖe aʋawɔwɔ ŋu le xexea me. “Ga si wozã sɔ gbɔ wu esi dukɔwo katã zã ɖe aʋawɔwɔ ŋua ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me.”

 Aƒetɔ Nan Tian, si hã kpe asi ɖe numekuhabɔbɔa ƒe nyatakakaa ŋɔŋlɔ ŋu gblɔ be: “Ale si ga si dukɔwo zãna ɖe aʋawɔwɔ ŋu le dzidzim ɖe edzi le ŋkeke siawo mea nye kpeɖodzi be míegale dedie kura le xexe sia me o.”

 Biblia gblɔe ɖi be xexea me dukɔ sesẽwo anɔ tsitre tsim ɖe wo nɔewo ŋu geɖe wu le míaƒe ŋkekea me, eye wògblɔ nu ɖeka kolia si ahe ŋutifafa vavãtɔ vɛ.

Biblia gblɔe ɖi be dukɔwo ava nɔ tsitre tsim ɖe wo nɔewo ŋu

  •   Biblia ɖɔ ɣeyiɣi si me míele la be “ɣeyiɣi mamlɛa.”Daniel 8:19.

  •   Daniel ƒe agbalẽa gblɔe ɖi be le ɣeyiɣi mawo mea, xexemedziɖuɖuwo anɔ ho ʋlim kple wo nɔewo. Xexemedziɖuɖu siawo anɔ wo nɔewo “tutum,” si fia be wo dometɔ ɖe sia ɖe anɔ agbagba dzem be yeakpɔ ŋusẽ wu. Hoʋiʋli sia ana woazã “kesinɔnu,” alo ga gbogbo aɖe.—Daniel 11:40, 42, 43.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso Biblia me nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi sia ŋua, kpɔ video si nye Nyagblɔɖi Siwo Va Eme—Daniel Ta 11.

Nu si gbɔ wòatso be míakpɔ ŋutifafa vavãtɔ

  •   Biblia gblɔ be Mawu ana dziɖuɖu aɖe naxɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe. Mawu “aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Eye fiaɖuƒe sia mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã gudugudu, eye wòahe wo va nuwuwui, ke eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

  •   Eteƒe madidi o, Yehowa a Mawu awɔ nu si amegbetɔwo mate ŋu awɔ gbeɖe o, si nye be ana ŋutifafa vavã naxɔ aƒe ɖi tegbee. Aleke wòawɔ esiae? Ato eƒe Fiaɖuƒea, si nye dziɖuɖu si le dziƒo la dzi aɖe aʋawɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔwo ɖa keŋkeŋ.—Psalmo 46:8, 9.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si Mawu Fiaɖuƒea awɔ esiae ŋu la, xlẽ nyati si nye “‘Ŋutifafa Axɔ Aƒe’ Ði Le Mawu Fiaɖuƒea Me.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.