Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Pawel Gluza/500Px Plus/Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Gbemelã Akpa Gãtɔ Tsrɔ̃ Le Ƒe 50 Siwo Va Yi Me—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Gbemelã Akpa Gãtɔ Tsrɔ̃ Le Ƒe 50 Siwo Va Yi Me—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le October 9, 2024 dzi la, Xexea Me Ƒe Dzɔdzɔmenuwo Dzikpɔha ka nya ta be amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo le gbemelãwo ƒe agbe dome gblẽm ale gbegbe. Wobu akɔnta be “gbemelã siwo nɔ anyigba dzi ƒe 50 siwo va yi la (tso ƒe 1970 va se ɖe ƒe 2020) ƒe alafa memama 73 sɔŋ ye tsrɔ̃. Nyatakakaa gblɔ ŋkubiãnya aɖe be: “Míate ŋu agblɔe kakaɖedzitɔe be nu siwo adzɔ ƒe atɔ̃ siwo gbɔna ana míanya ale si agbea ava nɔ le anyigba dzi.”

 Nyatakaka siawo wɔa nuku na ame geɖe. Elabe míelɔ̃ míaƒe anyigba sia si nya kpɔ ŋutɔ, eya ta etena ɖe mía dzi ne míekpɔ ale si gbegbe gbemelãwo le fu kpem. Nu si ta míesena le mía ɖokui me aleae nye be ɖe Mawu wɔ mí be míalé be na lãwo.—1 Mose 1:27, 28; Lododowo 12:10.

 Eya ta ɖewohĩ àbia be, ‘Ðe míate ŋu akpɔ gbemelãwo ta? Nya kae Biblia gblɔ tso nya sia ŋu?’

Mɔkpɔkpɔ aɖe li

 Agbagba ka kee amegbetɔwo adze be yewoakpɔ gbemelãwo ta o, Mawu koe ate ŋu akpɔ wo ta nyuie wu. Biblia gblɔe ɖi le Nyaɖeɖefia 11:18 be Mawu ‘atsrɔ̃ ame siwo le anyigba la gblẽm.’ Mawunyakpukpui sia fia nu vevi eve mí:

  1.  1. Mawu maɖe mɔ gbeɖe be amegbetɔwo nagblẽ anyigba la keŋkeŋ o.

  2.  2. Madidi o, Mawu akpɔ kuxia gbɔ. Aleke míewɔ nya? Elabe egbea, amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo le lãwo ƒe agbe dome gblẽm ŋutɔ wu tsã.

 Aleke Mawu akpɔ kuxi sia gbɔ? Ana eƒe dziɖuɖu alo Fiaɖuƒe si le dziƒo nava ɖu anyigba bliboa dzi. (Nyaɖeɖefia 11:18) Dziɖuɖu sia akpe ɖe ame siwo ɖoa to la ŋu eye afia wo ale si woalé be na gbemelãwo le anyigba dzi.—Yesaya 11:9.