Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Thai Liang Lim/E+ via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Ðe Internet Dzi Hahoo Kadoƒewo Zazã Le Nu Gblẽm Le Viwò Ŋua?—Ale Si Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Dzilawo Ŋu

Ðe Internet Dzi Hahoo Kadoƒewo Zazã Le Nu Gblẽm Le Viwò Ŋua?—Ale Si Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Dzilawo Ŋu

 “Susumedɔléle va bɔ ɖe sɔhɛwo dome fifia ŋutɔ, eye kuxia ƒe ke ɖekae nye Internet dzi hahoo kadoƒewo zazã.”—Dr. Vivek Murthy, U.S. lãmesẽnyawo gbɔ kpɔlawo ƒe tatɔ, New York Times, June 17, 2024.

 Aleke dzilawo ate ŋu akpɔ wo viwo ta be Internet dzi hahoo kadoƒewo nagagblẽ nu le wo ŋu o? Biblia ɖo aɖaŋu nyui aɖewo le nya sia ŋu.

Nu si dzilawo ate ŋu awɔ

 Bu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siawo ŋu kpɔ.

 “Aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.”—Lododowo 14:15.

 Esi wònye afɔku geɖe le Internet dzi hahoo kadoƒewo zazã me ta la, mehiã be nàtsi dzi be yeana ye via nazãe o. Hafi nàɖe mɔ na viwòa be wòazãe la, ele be nàka ɖe edzi be esu te nyuie awɔ ɖe se siwo nàde nɛ ku ɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si wòazã, xɔlɔ̃ siwo tɔgbi wòadze kple nu siwo tɔgbi wòakpɔ le afi ma ŋu dzi.

 “[Wɔ wò] ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.”—Efesotɔwo 5:16.

 Ne èɖe mɔ na viwò be wòazã Internet dzi hahoo kadoƒewo la, de se aɖewo nɛ ku ɖe ezazã ŋu eye nàna wòanya ale si wo dzi wɔwɔ aɖe vi nɛ. Nɔ ŋku lém ɖe viwòa ƒe nɔnɔme kple nuwɔna ŋu ale be ne eva le tɔtrɔm la, nàte ŋu ade dzesii eye nàkpɔe ɖa be ahiã be yeana wòaɖe ezazã dzi akpɔtɔ alo adzudzɔ kura hã.

Srɔ̃ nu geɖe kpee

 Biblia gblɔ be míele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ me. (2 Timoteo 3:1-5) Gake ena aɖaŋuɖoɖo nyui geɖewo hã mí siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxiawo nu. Àkpɔ nyati 20 kple edzivɔ siwo wotu ɖe Biblia dzi, siwo ŋu wotrɔ asi le na dzilawo kple wo viwo, la le nyati sia si ku ɖe sɔhɛwo ƒe susumedɔ ŋu me.