Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

mustafahacalaki/DigitalVision Vectors via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Mɔ̃ Siwo Wɔa Nu Abe Amegbetɔ Ene—Ðe Wonye Viɖenua, Alo Wogblẽa Nu?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Mɔ̃ Siwo Wɔa Nu Abe Amegbetɔ Ene—Ðe Wonye Viɖenua, Alo Wogblẽa Nu?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le ŋkeke siawo mea, dukplɔlawo, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple mɔ̃ɖaŋuŋutinunyalawo le nu ƒom tso ŋutete siwo le mɔ̃ siwo wɔa nu abe amewo ene la ŋu. Wolɔ̃ ɖe edzi be wonye viɖenu, gake wogale vɔvɔ̃m hã be amewo ate ŋu ava wɔ wo ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu.

  •   “Mɔ̃ siwo wɔa nu abe amewo enea nye mɔ̃ɖaŋunu deŋgɔ siwo li egbea dometɔ ɖeka, eye woate ŋu aɖe vi geɖe na amewo . . . Gake woate ŋu agblẽ nu vevie le amewo ƒe dedienɔnɔ ŋu, axɔ gomenɔamesi aɖewo le amewo si, aʋu go amewo ƒe nyatakaka ɣaɣlawo, alo ana be amewo magaka ɖe demokrasi dziɖuɖuwo dzi o.”—Kamala Harris, United States dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ, May 4, 2023.

  •   “Togbɔ be mɔ̃ɖaŋunu deŋgɔwo ate ŋu ava ɖe vi geɖe le dɔdanyawo me hãa, woate ŋu agblẽ nu le amegbetɔwo ƒe lãmesẽ kple dedienɔnɔ hã ŋu.” Nya mawo tso dɔkita kple atikeŋutinunyala siwo tso dukɔ vovovowo me eye woƒe tatɔe nye Dr. Frederik Federspiel la gbɔ. Edze le agbalẽ si nye BMJ Global Health me, May 9, 2023. a

  •   “Fifia gɔ̃ hãa, amewo tea ŋu wɔa mɔ̃ siwo wɔa nu abe amegbetɔwo enea ŋu dɔ tsɔ kakaa alakpanyawo. Madidi o, mɔ̃ siawo ana dɔ nagblẽ na amewo. Ame siwo tsia dzi ɖe ale si wole mɔ̃ɖaŋunuwo ŋu dɔ wɔmee ŋu la gblɔ be ate ŋu ava gblẽ nu le ameƒomea ŋu vevie.”—The New York Times, May 1, 2023.

 Ne ɣeɣiawo va le yiyim hafi wòadze kɔtɛ nenye be amewo awɔ mɔ̃ɖaŋunu siawo ŋu dɔ nyuie alo womawɔ wo ŋu dɔ nyuie o. Ke nya kae Biblia gblɔ?

Nu si tae kakaɖedzi mele amegbetɔwo ƒe nutovɛwo ŋu o

 Biblia gblɔ nu si tae amegbetɔwo mate ŋu aka ɖe edzi be amewo awɔ yewoƒe mɔ̃ɖaŋunutovɛwo ŋu dɔ le mɔ nyuiwo sɔŋ ko nu o.

  1.  1. Togbɔ be susu nyuiwo ate ŋu anɔ amewo si woato nuwo vɛ hãa, womate ŋu akpɔ emetsonu gbegblẽawo do ŋgɔ o.

    •   “Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔ le woawo ŋutɔ ŋkume, ke eƒe nuwuwu nye ku ƒe mɔ.”—Lododowo 14:12.

  2.  2. Ame mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si amewo awɔ eƒe nutovɛwo ŋu dɔe dzi o.

    •   “Ðeko magblẽ [nye dɔwo] ɖi na ame si ava ɖe yonyeme la tsã. Eye ame kae nya ne nunyala loo alo bometsilae wòava nye? Gake eyae ava kpɔ ŋusẽ ɖe dɔ siwo katã metsɔ kutrikuku kple nunya wɔ le ɣea te la dzi.”—Nyagblɔla 2:18, 19.

 Esia tae míehiã na mɔfiame tso mía Wɔlaa gbɔ ɖo.

Ame si dzi míate ŋu aka ɖo

 Mía Wɔlaa do ŋugbe be yemaɖe mɔ be amegbetɔwo alo woƒe nutovɛwo natsrɔ̃ anyigba alo amegbetɔƒomea o.

  •   “Anyigba ya li tegbee.”—Nyagblɔla 1:4.

  •   “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

 To Biblia dzia, mía Wɔlaa fiaa mí nu siwo míawɔ be míava nɔ dedie eye míakpɔ ŋutifafa le etsɔme. Ne èdi be yeaxlẽ nu bubuwo tso nu si Biblia gblɔ ŋua, xlẽ nyatsi siwo nye “Ðe Nane Li Si Ana Míaƒe Etsɔme Nanyoa?” kple “Mɔkpɔkpɔ Vavã Li Be Etsɔme Ava Nyo,” si le yevugbe me.

a Nyati si me wòtso ƒe tanyae nye “Nu Si Mɔ̃ɖaŋunu Deŋgɔwo Ate Ŋu Agblẽ Le Ameƒomea Kple Míaƒe Lãmesẽ Ŋu,” eye etalawoe nye Frederik Federspiel, Ruth Mitchell, Asha Asokan, Carlos Umana, kple David McCoy.