Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Tokunɔwo

Ale Si Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Tokunɔwo

 Egbea, tokunɔ siwo ade miliɔn 70 ye le xexea me, eye wo dometɔ geɖe zãa tokunɔgbe siwo awu 200 la dometɔ aɖe tsɔ ɖoa dze. Nublanuitɔe la, amewo mewɔa nu ɖe tokunɔ geɖe ŋu nyuie o. Le kpɔɖeŋu me:

  •   “Le xexea me godoo la, amewo tua afɔkpo se siwo dukɔwo de be wòakpɔ tokunɔwo kple ame siwo mesea nu tututu o ta.”—National Association of the Deaf (U.S.).

  •   “Le dukɔ siwo mede ŋgɔ tututu o me la, tokunɔwo le ame siwo da ahe kolikoli la dome eye sukudede, dɔwɔɖui kple nu bubuwo bɔna wo.”—World Federation of the Deaf.

 Aleke Mawu bua tokunɔwoe? Nya kae Biblia gblɔ tso tokunɔwo ŋu? Eye aleke Yehowa Ðasefowo le kpekpem ɖe tokunɔwo ŋu egbea?

Ale Si Mawu Bua Tokunɔwoe

 Biblia na míenya be Yehowa a tsɔ ɖe le eme na tokunɔwo. Edi be woawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie eye yeƒe nufiafiawo nasu woawo hã si.

 Mawunyakpukpui: “Mègado ɖiŋu na tokunɔ o.”—3 Mose 19:14.

 Nu si wòfia: Se si Yehowa de na blema Israel-viwo la kpɔ tokunɔwo ta.

 Mawunyakpukpui: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o.”—Dɔwɔwɔwo 10:34.

 Nu si wòfia: Yehowa tsɔ ɖe le eme na ame ƒomeviwo katã, tokunɔwo hã le eme.

 Mawunyakpukpui: “Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me . . . , hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.”—Mateo 9:35.

 Nu si wòfia: Yesu va anyigba dzi be yeafia nu amewo tso Mawu Fiaɖuƒea kple nu si wòava wɔ na amegbetɔwo katã ŋu—tokunɔwo hã le eme.—Mateo 6:10.

 Mawunyakpukpui: Yesu na ‘tokunɔwo gɔ̃ hã se nu, eye aɖetututɔwo ƒo nu.’—Marko 7:37.

 Nu si wòfia: Yesu ɖee fia be ne Mawu Fiaɖuƒea va le anyigba dzi ɖum la, tokunɔwo ase nu eye woaƒo nu. Esi Yesu gbɔna dɔ da ge na tokunɔ aɖe la, ezã eƒe asiwo tsɔ ƒo nu kplii hafi na wògate nusese kple nuƒoƒo.—Marko 7:31-35.

 Mawunyakpukpui: “Tokunɔwo ƒe to aʋu.”—Yesaya 35:5.

 Nu si wòfia: Yehowa gblɔe ɖi be tokunɔwo ase nu.—Yesaya 29:18.

Ale Si Yehowa Ðasefowo Le Kpekpem Ðe Tokunɔwo Ŋu Egbea

 Yehowa Ðasefowo gblɔa Mawu ƒe nya si naa mɔkpɔkpɔ ame la na tokunɔwo le xexea me godoo. Nu kawo wɔm míele be dɔ sia nadze edzi nyuie? Míetaa Biblia eye míewɔa video siwo wotsɔ srɔ̃a Biblia ɖe tokunɔgbe siwo awu 100 me. Míesrɔ̃a Biblia kple tokunɔwo eye míewɔa ɖoɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu na wo le tokunɔgbe me. Míewɔa esiawo katã femaxee na ame siwo di be Mawu nakpe ɖe yewo ŋu. Nu ka tae? Elabena Yesu de se be: “Faa miexɔe, faa minae.”—Mateo 10:8.

 Àte ŋu ake ɖe nu siawo ŋu le Internet dzi alo ahe wo ɖe wò mɔ̃ dzi ne èyi:

 JW.ORG. Tɔ asi dzesi si wotsɔ trɔa gbegbɔgblɔwo le nyatakakadzraɖoƒea dzi be nàtia tokunɔgbe si me nèdi be nyati aɖe naʋu na ye le.

 JW Library Sign Language dɔwɔnua. Da dɔwɔnu sia ɖe wò mɔ̃ dzi femaxee be nàte ŋu ahe tokunɔgbe me videowo ɖe wò mɔ̃ dzi alo àkpɔ wo le Internet dzi.

Ðoɖo Kawoe Míewɔ ɖe Biblia Sɔsrɔ̃ Ŋu?

 Biblia le tokunɔgbe me. Le xexea me godoo la, Biblia gbãtɔ si gɔme woɖe bliboe ɖe tokunɔgbe mee nye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe Amerika Tokunɔgbe me tɔ.  Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe le tokunɔgbe geɖe me fifia, eye wotsɔa tokunɔgbe bubuwo kpenɛ ƒe sia ƒe. (Ne èdi be yeakpɔ gbe vovovo mawo alo aʋu Biblia le Internet dzi la, kpɔ aɖaka si nye “Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia Le Tokunɔgbe Me.”)

  •   Kpɔ video si nye Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia Bliboa Le Amerika Tokunɔgbe Me (ele yevugbe me) be nàkpɔ dɔ siwo gbegbe wowɔna be woaɖe Biblia gɔme ɖe tokunɔgbe me.

  •   Be Biblia xexlẽ nagavivi ŋuwò wu la, da JW Library Sign Language dɔwɔnua ɖe wò mɔ̃ dzi. Dɔwɔnu sia akpe ɖe ŋuwò nàtia mawunyakpukpui siwo nàdi be woaʋu na ye le tokunɔgbe me Biblia aɖe me.

  •   Dmytro kple Vita nye tokunɔwo, gake wo viwo ya sea nu. Kpɔ ale si tokunɔgbe me Biblia ƒe videowo kpɔkpɔ gbe sia gbe ɖe vi na woƒe ƒomea.

 Video siwo wotsɔ srɔ̃a Biblia. Yehowa Ðasefowo wɔ videowo ɖe tokunɔgbe me siwo kpena ɖe amewo ŋu be woase Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo gɔme eye woawɔ wo dzi. Aɖaŋuɖoɖo mawo ƒe ɖewo yi na . . .

 Biblia me dzodzro kple amewo. Na ame aɖe nava srɔ̃ Biblia kpli wò le tokunɔgbe me, eye wò ŋutɔe atia ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si nàdi be woatsɔ asrɔ̃ nua kpli ye. Àte ŋu abia be woava wɔ ale si nusɔsrɔ̃ sia nɔna yeakpɔ.

 Kpɔ ale si Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe Jeson Senajonon, si le Philippines, ŋu be eya kple Mawu dome va le kplikplikpli.

 Mario Antúnez nye sɔlemeha aɖe ŋgɔnɔla tsã le Honduras. Xlẽ nu tso ale si wòkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo nɔ esi ku ɖe Biblia ŋu la ŋu. Eɖe eme le eƒe ŋutinya sia me, “Biabia Geɖewo Nɔ Asinye Siwo Nyemekpɔ Ŋuɖoɖo Na O.”

 Kpekpewo kple wɔnawo. Tokunɔgbe hamewo kple ƒuƒoƒowo le xexea me godoo, eye tokunɔwo kpena le teƒe mawo kwasiɖa sia kwasiɖa srɔ̃a nu hesubɔna Yehowa. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míewɔa ɖoɖo ɖe wɔna tɔxɛwo ŋu le tokunɔgbe me xɔa Biblia ƒe mɔfiamewo le ƒuƒoƒo gãwo me. Le míaƒe kpekpe siawo me la, woléa tokunɔ siwo ganye ŋkunɔwo la ƒe asiwo hafi nɔa tokunɔgbe me dzesiawo wɔm ale be woate ŋu ase nyawo gɔme. Míetaa agbalẽwo na ŋkunɔwo hã femaxee.

 Wodzi José Luis Ayala, si le Mexico, wònye tokunɔ eye wòva zu ŋkuagbãtɔ emegbe. Kpɔ ale si wokpe ɖe eŋu wòva zu Biblia-fiala dovevienu.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?