Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ale Si Nuɖuɖu Le Vevem Egbea Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ale Si Nuɖuɖu Le Vevem Egbea Ŋu?

 “Dɔwuame nu ayi keŋkeŋ.” Taɖodzinu sia gbɔe xexemedziɖulawo di be yewoaɖo esime wole agbagba dzem be yewoakpɔ ameƒomea ƒe kuxi gãtɔwo dometɔ ɖeka gbɔ. Eyae nye be yewoana ame sia ame si le anyigba dzi nakpɔ nu aɖu wòasui. a Gake ɖe ɣeyiɣi aɖe ava esime dɔ magawu ame aɖeke oa? Nya kae Biblia gblɔ?

Biblia gblɔe ɖi be nuɖuɖu ave le míaƒe ɣeyiɣia me

 Biblia gblɔe ɖi be nuɖuɖu ave le míaƒe ɣeyiɣi sia si wòyɔ be “ŋkeke mamlɛawo” la me. (2 Timoteo 3:1) Menye Mawu gbɔe wòtso be nuɖuɖu le vevem alea o, gake exlɔ̃ nu mí tso eŋu. (Yakobo 1:13) De dzesi Biblia me nyagblɔɖi eve siawo.

 “Nuɖuɖu ave le teƒeteƒewo.” (Mateo 24:7) Biblia me nyagblɔɖi sia fia be nuɖuɖu ave le xexea ƒe teƒe geɖe. Ame siwo kua nu me tso nuɖuɖu ƒe nyawo ŋu ka nya ta nyitsɔ laa be: “Togbɔ be dziɖuɖuwo le agbagba dzem kpem hã la, nuɖuɖu ƒe veve kple nunyuimakpɔɖu ƒe kuxia gale gã dom ɖe edzi kokoko.” b Le dukɔ gbogbo aɖewo me la, ame miliɔn alafa geɖe mekpɔa nuɖuɖu si asu wo o. Nublanuitɔe la, ame siawo dometɔ geɖe kuna le dɔwuame ta.

 “Kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ yibɔ aɖe, eye ame si bɔbɔ nɔ edzi la lé nudanu ɖe asi.” (Nyaɖeɖefia 6:5) Le nyagblɔɖi sia me la, sɔa kple edola le tsitre ɖi na ale si nuɖuɖu ave le ŋkeke mamlɛ siawo me. c Nudanu si sɔdolaa lé ɖe asie woatsɔ adzidze nuɖuɖu vi si li ale be ame sia ame nakpɔ sue aɖe. Esime wòle sɔa dom la, gbe aɖe ɖe gbeƒã be nuɖuɖu ƒe asi ayi dzi bobobo, eye wòxlɔ̃ nu amewo be woalé be na nuɖuɖu si li. (Nyaɖeɖefia 6:6) Ðeko nya mawo wɔ ɖeka kple ale si nuɖuɖu le vevem le xexea me godoo egbea, elabe ame miliɔn akpe alafa geɖe mekpɔa nu ɖuna wòsua wo o, alo be womekpɔa ga ƒlea nuɖuɖu si ade woƒe lãmesẽ dzi o.

Nu si gbɔ wòatso be nuɖuɖu ƒe veve nu nayi

 Numekulawo gblɔ be nuɖuɖu si míaƒe anyigba wɔna la sɔ gbɔ wu esi ade na ame sia ame si le anyigba dzi. Ke nu ka gbɔe wòtso be nuɖuɖu le vevem? Eye nu kae Biblia gblɔ be mía Wɔla, Yehowa, d awɔ atsɔ akpɔ kuxi siawo gbɔ?

 Kuxia: Dziɖuɖuwo mate ŋu aɖe ahedada kple gakuxi siwo wɔnɛ be dɔ wua amewo la ɖa o.

 Egbɔkpɔnu: Dziɖuɖu si de blibo, si nye Mawu Fiaɖuƒea, ava xɔ ɖe amegbetɔ madeblibowo ƒe dziɖuɖuwo teƒe. (Daniel 2:44; Mateo 6:10) Egbea, ame dahe gbogbo aɖewo dagbana hafi kpɔa nu vi aɖe ɖuna, gake le Mawu Fiaɖuƒea te la, nuwo maganɔ nenema o. Biblia gblɔ tso Yesu Kristo, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ŋu be: “Aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la, kple ame tsɛ kpakple ame si si xɔnametɔ aɖeke mele o. . . . Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi; woaxɔ towo tame keŋ.”—Psalmo 72:12, 16.

 Kuxia: Aʋawɔwɔ nana nuwo dome gblẽna eye ganyawo tɔtɔna, si wɔnɛ be esesẽna be nuɖuɖu si amewo hiã na la nasu wo si.

 Egbɔkpɔnu: “[Yehowa tsia] aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi. Eŋea dati, eflia akplɔ kakɛkakɛe, eye wòtɔa dzo aʋatasiaɖamwo.” (Psalmo 46:9) Mawu agblẽ aʋawɔnuwo dome eye wòatsrɔ̃ ame siwo gbɔ wòtsona be aʋa dzɔna. Esia ana wòanɔ bɔbɔe be ame sia ame nakpɔ nu nyui aɖu. Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe” ɖi.—Psalmo 72:7.

 Kuxia: Yame ƒe nɔnɔme si medea ame dzi o kple dzɔdzɔmefɔkuwo wɔnɛ be agblemenukuwo gblẽna eye lã siwo amewo nyina hã kuna.

 Egbɔkpɔnu: Mawu akpɔ egbɔ be anyigba ƒe dzɔdzɔmeŋusẽwo wɔ dɔ ɖe ɖoɖo nu ale be nɔnɔmeawo nasɔ nyuie be anyigba nawɔ nu. Biblia gblɔ be: “[Yehowa nana] ahom la dzea akɔ anyi kpoo; ale be ƒutsotsoewo dzea eme. . . . Etrɔa gbegbe wòzua tsita, kple kuɖiɖinyigba wòzua tsidzɔƒe. Afi mae wònana dɔwuitɔwo nɔna . . . Wodea nukugblewo kple waingblewo, eye wokpɔa agblemenuwo fũu.”—Psalmo 107:29, 35-37.

 Kuxia: Amewo ƒe nu fitifiti wɔwɔ kple ŋukeklẽ wɔnɛ be nuɖuɖuwo medea lãmesẽ dzi o eye wòsesẽna be nuɖuɖu naka ame siwo hiã nɛ la si.

 Egbɔkpɔnu: Mawu Fiaɖuƒea aɖe ame vɔ̃ɖiwo kple nu fitifiti wɔlawo katã ɖa. (Psalmo 37:10, 11; Yesaya 61:8) Biblia gblɔ tso Yehowa Mawu ŋu be enye “Ame si tsoa afia na ame siwo tafam wole, Ame si naa abolo dɔwuitɔwo.”—Psalmo 146:7.

 Kuxia: Nuɖuɖu si wɔna le xexea me godoo ƒe sia ƒe la ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me dome gblẽna.

 Egbɔkpɔnu: Le Mawu Fiaɖuƒea te la, ame siwo anɔ Mawu ƒe amewo nu la akpɔ egbɔ be womegblẽ nuɖuɖu dome o. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe afɔ si hiã ale be nuɖuɖu dome nagagblẽ o. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖeɣi la, ena nuɖuɖu ame 5,000 kple edzivɔ nukutɔe. Eyome egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, ne naneke dome nagagblẽ o.”Yohanes 6:5-13.

 Esi wònye be Mawu Fiaɖuƒea aɖe kuxi siwo wɔnɛ be dɔ wua amewo ɖa ta la, nuɖuɖu si me nunyiame le abɔ ame sia ame nakpɔ aɖu. (Yesaya 25:6) Ne èdi be yeaxlẽ nu tso ɣeyiɣi si me Mawu Fiaɖuƒea ana nu siawo nava eme ŋu la, kpɔ nyati si nye “Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Aɖu Anyigba La Dzi?

a Ŋgɔyiyi Kple Dedienɔnɔ Le Ƒe 2030 Me Ƒe Taɖodzinu si Dukɔ Ƒoƒuawo Me Tɔwo katã de to me le ƒe 2015 me.

b Nyatakaka sia tso habɔbɔ siawo gbɔ: Food and Agriculture Organization of the United Nations, the International Fund for Agricultural Development, the United Nations Children’s Fund, the United Nations World Food Programme, kple Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa.

c Ne èdi be yeaxlẽ nu tso sɔdola eneawo katã ŋu abe ale si wòdze le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ene la, kpɔ nyati si nye “Sɔdola Eneawo Ame Kawoe Wonye?

d Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?