Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NƆ ŊUDZƆ!

Ukraine-ʋaa Wɔe Be Nuɖuɖu Le Asi Xɔm Ðe Edzi Le Afi Sia Afi

Ukraine-ʋaa Wɔe Be Nuɖuɖu Le Asi Xɔm Ðe Edzi Le Afi Sia Afi

 Le May 19, 2022 dzia, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dedienɔnɔ Ŋuti Ðaŋuɖoha xɔ nyatakaka tso numekula xɔŋkɔ 75 kple edzivɔ gbɔ be “corona dɔvɔ̃a kple ale si yame ƒe nɔnɔmewo le tɔtrɔm le xexea me godooa wɔe be nuɖuɖu le vevem le xexea me katã, gake Ukraine-ʋaa na be kuxi sia do gã ɖe edzi eye ate ŋu adzɔ be dɔ nato le teƒeteƒewo.” Esia megbe kpuiea, magazine aɖe gblɔ be “aʋaa awɔe be le xexe sia si me nuwo tɔtɔ le xoxo mea, ame geɖe makpɔ nu aɖu o.” (The Economist) Biblia gblɔe ɖi be nuɖuɖu ave le míaƒe ɣeyiɣia me, gake egblɔ nu siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxi sia nu hã na mí.

Biblia gblɔe ɖi be nuɖuɖu ave

  •    Yesu gblɔe ɖi be: “Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave.”Mateo 24:7.

  •    Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso kpɔɖeŋusɔdola ene ŋu. Wo dometɔ ɖeka le tsitre ɖi na aʋawɔwɔ. Esi kplɔ ema ɖo le tsitre ɖi na dɔwuame, si fia be amewo makpɔ nu aɖu o eye nuɖuɖu ƒe asi ayi dzi bobobo. “Mekpɔ sɔ yibɔ aɖe, edola lé nudanu ɖe asi. Mese nane si ɖi ame ƒe gbe . . . le gbɔgblɔm be, ‘Bli agba ɖeka axɔ agbatedɔwɔlawo ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu eye lu agba etɔ̃ anye agbatedɔwɔlawo ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu.’”—Nyaɖeɖefia 6:5, 6, Agbenya La.

 Biblia ƒe nyagblɔɖi siawo siwo ku ɖe nuɖuɖu ƒe veve ŋu le eme vam fifia le ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo” me. (2 Timoteo 3:1) Be nàsrɔ̃ nu geɖe tso “ŋkeke mamlɛawo” kple sɔdola ene siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ŋua, kpɔ video si nye Xexea Trɔ Tso Ƒe 1914 Me eye nàxlẽ nyati si nye “Sɔdola Eneawo—Ame Kawoe Wonye?

Ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu

  •    Biblia ɖo aɖaŋu nyui siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxiwo abe nuɖuɖu ƒe asixɔxɔ alo nuɖuɖu ƒe veve gɔ̃ hã ene nu. Àkpɔ wo dometɔ aɖewo le nyati si nye “Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Ga Sue Si Le Asiwò Nu” me.

  •    Azɔ hã, Biblia na mɔkpɔkpɔ mí be nuwo ava nyo. Edo ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe ava esime “agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi” eye nuɖuɖu abɔ ame sia ame naɖu. (Psalmo 72:16) Be nàsrɔ̃ nu geɖe tso mɔkpɔkpɔ si ŋugbe Biblia do ku ɖe etsɔme ŋu kple nu si tae nàte ŋu aka ɖe edzi ŋua, xlẽ nyati si nye “Mɔkpɔkpɔ Vavã Si Li Be Nuwo Anyo Le Etsɔme.”