Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

id-work/DigitalVision Vectors via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Nu Ka Tae Fuléle Va Bɔ Ale Gbegbe?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nu Ka Tae Fuléle Va Bɔ Ale Gbegbe?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Amewo léa fu ame siwo tso to alo dukɔ bubuwo me, eya ta wogblɔa nya veamewo ɖe wo ŋu, sẽa ŋuta le wo ŋu eye wowɔa aʋa kple wo. Nya siawo sɔŋ koe xɔ nyadzɔdzɔwo me.

  •   “Aʋawɔwɔ si le edzi yim le Israel kple Gaza dome, kpakple ale si amewo doa ŋutasesẽ kple fuléle ɖe ŋgɔ wɔe be nya veamewo sɔŋ koe va bɔ ɖe Internet dzi hahokadoƒewo.”—The New York Times, November 15, 2023.

  •   “Tso October 7 lia dzi la, nazãbubu wɔe be nya veamewo kple ŋutasẽnuwɔnawo va dzi ɖe edzi fifia wu tsã.”—Dennis Francis, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Aɖaŋudehagã Ƒe Tatɔ, November 3, 2023.

 Nya veamewo gbɔgblɔ, ŋutasesẽ kple aʋawɔwɔ menye nu yeye na mí o. Le nyateƒe me la, Biblia ƒo nu tso ame siwo wɔ aʋa eye wowɔ ŋutasẽnuwo le blema la ŋu be “wodzidze woƒe nya tɔamewo ɖe ame dzi abe aŋutrɔ ene.” (Psalmo 64:3; 120:7; 140:1) Gake Biblia na míekpɔe be fuléle si le edzi yim egbea la ɖo kpe nu vevi aɖe dzi.

Fuléle nye ɣeyiɣi si me míele ƒe dzesiwo dometɔ ɖeka

 Biblia na míekpɔ susu eve siwo tae fuléle bɔ egbea.

  1.  1. Egblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe ava si me “ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to.” (Mateo 24:12) Le esi teƒe be amewo nalɔ̃ wo nɔewo la, ame akpa gãtɔ aɖe nɔnɔme manyomanyowo afia si awɔe be woalé fu wo nɔewo.—2 Timoteo 3:1-5.

  2.  2. Ale si fuléle va bɔ egbea ɖee fia be ame vɔ̃ɖi si nye Satana Abosam ye le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi. Biblia gblɔ be “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.”—1 Yohanes 5:19; Nyaɖeɖefia 12:9, 12.

 Gake Biblia na míekpɔe hã be madidi o, Mawu aɖe nu siwo koŋ gbɔe wòtso be amewo léa fu ame bubuwo la ɖa. Vevietɔ wu la, aɖɔ nu siwo katã fuléle gblẽ le amegbetɔwo ŋu la ɖo. Biblia do ŋugbe be:

  •   Mawu “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.