Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NƆ ŊUDZƆ!

Nuwo Ƒe Asi Le Dzi Yim Bobobo Le Xexea Me Katã—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nuwo Ƒe Asi Le Dzi Yim Bobobo Le Xexea Me Katã—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Habɔbɔ aɖe ƒe tatɔ gblɔ le woƒe June 2022 ƒe nyatakaka me be: “Xexea ƒe ganyawo gale gbegblẽm ɖe edzi. Fifia ya nuwo ƒe asi le dzi yim kabakaba, gake ga mele amewo si woatsɔ aƒle wo o.”—World Bank Group.

 “Mɔ̃memi kple nuɖuɖu ƒe asi le dzi yim kabakaba, eye ame siwo le dukɔ siwo dahe me koŋ ŋue esia le nu gblẽm le.”—International Monetary Fund.

 Biblia kpe ɖe mía ŋu míenya nu si tae ganyawo le sesẽm kple ale si míawɔ anɔ te ɖe enu. Egana míenya nu si ate ŋu akpɔ kuxia gbɔ keŋkeŋ.

Nuwo ƒe asi ƒe dziyiyi le “ŋkeke mamlɛawo me”

  •   Biblia yɔ ŋkeke siwo me míele la be “ŋkeke mamlɛawo.”—2 Timoteo 3:1.

  •   Yesu gblɔ be “nu dovoɖinamewo” alo nu dziŋɔwo adzɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me. (Luka 21:11) Nuwo ƒe asixɔxɔ nana amewo vɔ̃na, eye wotsia dzi ɖe ale si agbea anɔ le etsɔme kple ale si yewoawɔ akpɔ yewoƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ ŋu.

  •   Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔe ɖi be nuwo ƒe asi ayi dzi le ɣeyiɣi siawo me. Egblɔ be: “Mese nane si ɖi ame ƒe gbe . . . le gbɔgblɔm be, ‘Bli agba ɖeka axɔ agbatedɔwɔlawo ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu eye lu agba etɔ̃ anye agbatedɔwɔlawo ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu.’”—Nyaɖeɖefia 6:6, Agbenya La.

 Be nàsrɔ̃ nu geɖe tso “ŋkeke mamlɛawo” kple nyagblɔɖi siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ŋua, kpɔ video si nye Xexea Trɔ Tso Ƒe 1914 Me eye nàxlẽ nyati si nye “Sɔdola Eneawo—Ame Kawoe Wonye?

Nu si akpɔ gakuxiwo katã gbɔ

  •   “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, womaƒã nu ame bubu naɖu o.”—Yesaya 65:21, 22.

  •   “Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi; woaxɔ towo tame keŋ.”—Psalmo 72:16.

  •   “Yehowa be: ‘Esi wole nublanuitɔwo tem ɖe to, eye ame dahewo le hũ ɖem ta la . . . maxɔ na wo.’”—Psalmo 12:5. a

 Eteƒe madidi o, Mawu ana nuwo nade ame sia ame dzi, menye le dukɔ ɖeka aɖe ko me o, ke boŋ le xexea me katã. Be nànya ale si Mawu awɔ esia la, xlẽ nyati si nye “Ðe Nɔnɔmeawo Ava Sɔ Na Mí Katã Gbe Ðeka?

 Gake fifia gɔ̃ hã, Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe ale si nuwo ƒe asi le dzi yim nu. Le mɔ ka nu? Eɖo aɖaŋu nyuiwo ku ɖe ale si míazã ga le nunya me ŋu. (Lododowo 23:4, 5; Nyagblɔla 7:12) Be nànya nu geɖe tso nya sia ŋua, xlẽ nyati siwo nye “Kpɔ Nu Si Nu Nènɔa Agbe Ðoa Ta” kple “Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Ga Sue Si Le Asiwò Nu.”

a Yehowa ye nye Mawu ƒe ŋkɔ.—Psalmo 83:18.