Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Photo by Zhai Yujia/China News Service/VCG via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Tsiɖɔɖɔ Gblẽnuwo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Tsiɖɔɖɔ Gblẽnuwo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Tsi le amewo ɖem le xexea me ƒe teƒeteƒewo. Eŋu nyatakaka aɖewoe nye esiawo:

  •   Tsiɖɔɖɔa anɔ abe afɔ eve kple afa kloe, si fia be agbɔ ame ƒe klo ŋu. Ƒe 140 aɖewoe nye esia tsi megaɖɔ alea kpɔ le China o.”—AP News, August 2, 2023.

  •   Ne mede ɖeke oa, ame eve bu woƒe agbe. . . Wole mɔ kpɔm be ahom sia ana tsi naɖɔ aɖo amewo ƒe klo nu le Taiwan ƒe tonutowo gɔ̃ hã me.”—Deutsche Welle, August 3, 2023.

  •   Ƒe 50 aɖewoe nye esia tsi megadza alea kpɔ le Canada o.”—BBC News, July 24, 2023.

 Nya kae Biblia gblɔ tso nudzɔdzɔ siawo ŋu?

“Ŋkeke mamlɛawo” ƒe dzesi

 Biblia yɔ ɣeyiɣi siwo me míele la be “ŋkeke mamlɛawo.” (2 Timoteo 3:1) Yesu gblɔe ɖi be le míaƒe ŋkekeawo mea, ‘míakpɔ nu dovoɖinamewo,’ alo nudzɔdzɔ dziŋɔwo teƒe. (Luka 21:11) Ale si yame ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm hã wɔe be dzɔdzɔmefɔku dziŋɔwo le dzɔdzɔm edziedzi, wo nu sẽna eye amewo mate ŋu anya esiwo ava dzɔ o.

Mɔkpɔkpɔ li

 Biblia na míekpɔe be nu dziŋɔ siwo le dzɔdzɔm fifia ɖee fia be mɔkpɔkpɔ li eye nuwo ava nyo kpuie. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe esia dzi? Yesu gblɔ be: “Ne miekpɔ nu siawo le dzɔdzɔm la, midze sii be Mawu Fiaɖuƒe la gogo.”—Luka 21:31; Mateo 24:3.

 Nu siwo teƒe kpɔm míele egbea ɖee fia be madidi o, Mawu Fiaɖuƒea ana dzɔdzɔmenuwo katã nawɔ dɔ ɖe ɖoɖo nyuie nu, tsidzadza hã le eme.—Hiob 36:27, 28; Psalmo 107:29.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si Mawu Fiaɖuƒea ava ɖɔ nuwo ɖo le anyigba dzii ŋua, ke xlẽ nyati si nye “Ame Kae Axɔ Na Anyigba?