Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NƆ ŊUDZƆ!

Tudada Amewo Le Suku—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Tudada Amewo Le Suku—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le May 24, ƒe 2022 dzia, nu dziŋɔ aɖe dzɔ le Amerika ƒe du sue aɖe si woyɔna be Uvalde me, le Texas. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be “ŋutsu aɖe da tu sukuvi 19 kple nufiala eve woku . . . le Robb Gɔmedzesukua me.” (The New York Times)

 Nublanuitɔea, nudzɔdzɔ siawo tɔgbi va bɔ fifia. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be le Amerika ɖeɖea, “zi 249 sɔŋ ye wòdzɔ be woda tu amewo le suku le ƒe si va yi me, eye xexlẽme sia sɔ gbɔ wu ƒe ɖe sia ɖe tɔ, ne wobui tso ƒe 1970 ya teti.” (USA Today)

 Nu ka tae nu gbãdziname siawo le dzɔdzɔm? Aleke míawɔ anɔ te ɖe wo nu? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li be ŋutasẽnuwɔna siawo nu ayia? Biblia ɖo biabia siawo ŋu.

Nu ka tae ŋutasesẽ le dzidzim ɖe edzi le xexea me?

 Ame aɖewo biana be, ‘Nu ka tae Mawu mexea mɔ ɖe nu dziŋɔwo abe tudada amewo le sukukpowo dzi ene nu o?’ Be nàkpɔ ale si Biblia ɖo nya sia ŋua, xlẽ nyati si nye “Nu Ka Tae Vɔ̃ Dzɔna Ðe Ame Nyuiwo Dzi?

Aleke míawɔ anɔ te ɖe nya gbãdziname siawo nu?

  •    “Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi be woatsɔ afia nu mí, ale be to . . . akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.”—Romatɔwo 15:4.

 Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le xexe sia si me ŋutasesẽ bɔ ɖo me. Àkpɔ wo dometɔ aɖewo le Nyɔ! magazine si ƒe tanyae nye “Ðe Ŋutasẽnuwɔwɔ Nu Ayi Gbe Aɖe Gbea?” me.

 Ne èdi mɔfiamewo ku ɖe ale si dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu ne wose nyadzɔdzɔ dziŋɔwo alo kpɔ nu dziŋɔwo teƒe ŋua, xlẽ nyati si nye “Ale Si Viwòwo Awɔ Anɔ Te Ðe Nyadzɔdzɔ Dziŋɔwo Nu.”

Ðe ŋutasesẽ nu ayi gbe ɖekaa?

  •    “Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:14.

  •    “Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.”—Mika 4:3.

 Mawu awɔ nu si amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ o. Ato eƒe Fiaɖuƒe si le dziƒo dzi atsrɔ̃ aʋawɔnuwo katã eye wòaɖe ŋutasesẽ ɖa keŋkeŋ. Be nàsrɔ̃ nu geɖe tso nu si Mawu Fiaɖuƒea awɔ ŋua, xlẽ nyati si nye “‘Ŋutifafa Axɔ Aƒe’ Ði Le Mawu Fiaɖuƒea Me.”