Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NƆ ŊUDZƆ!

Wole Tu Dam Amewo Yakayaka Le Xexea Me Godoo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Wole Tu Dam Amewo Yakayaka Le Xexea Me Godoo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le July 2022 mea, woda tu ame geɖe ŋɔdzitɔe le xexea ƒe teƒeteƒewo:

  •    “Esi wowu Japantɔwo ƒe dunyahela xɔŋkɔ [Shinzo Abe, si nye dukɔa ƒe Dudɔnulɔla Gbãtɔ tsãa], ete ɖe dukɔa me viwo dzi ŋutɔ eye wòwɔ mo yaa na amewo le xexea me godoo, elabe nu vlo wɔwɔ mebɔ le dukɔa me o, eye woƒe tu ŋuti sewo hã le kpaɖii ŋutɔ.”—July 10, 2022, The Japan Times.

  •   “Denmarktɔwo ƒe nu ku esi ŋutsu aɖe da tu ame etɔ̃ le fiase gã aɖe me le Copenhagen.”—July 4, 2022, Reuters.

  •   “South Africa: Ŋutsu aɖewo ɖe tu ɖe amewo dzi kpakpakpa le ahanoƒe aɖe le ameyibɔwo ƒe nuto si nye Soweto me, eye ame 15 ku.”—July 10, 2022, The Guardian.

  •   “Le Amerikaa, woda tu ɖe amewo dome le teƒe vovovowo le kwasiɖanuwuwu si do ŋgɔ na July 4 esi dukɔa nɔ woƒe azã aɖe ɖum, eye ame 220 kple edzivɔ sɔŋ ku.”—July 5, 2022, CBS News.

 Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be ŋutasẽnuwɔwɔ siawo nu ava yia? Nya kae Biblia gblɔ?

Ŋutasẽnuwɔwɔwo Nu Ayi

 Biblia gblɔ be ŋkeke siwo me míele fifia nye ‘ŋkeke mamlɛ’ siwo me amewo anye ame wɔadãwo eye woawɔ ŋutasẽnu vɔ̃ɖiwo. (2 Timoteo 3:1, 3) Ŋutasẽnuwɔwɔ siawo wɔe be vɔvɔ̃ dzi ko amewo nɔna gbe sia gbe. (Luka 21:11) Gake Biblia do ŋugbe be madidi o, ŋutasẽnuwɔwɔwo nu ayi eye amewo “anɔ teƒe siwo ŋutifafa le, aƒe siwo me dedienɔnɔ le kple teƒe siwo tomefafa kple dziɖeɖi le.” (Yesaya 32:18) Aleke ŋutasẽnuwɔwɔ nu ayii?

 Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo kple aʋawɔnuwo katã.

  •   “Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba la dzi.”—Lododowo 2:22.

  •   Mawu atsi “aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi. Eŋea dati, eflia akplɔ kakɛkakɛe, eye wòtɔa dzo aʋatasiaɖamwo.”—Psalmo 46:9.

 Mawu afia amewo ale si woanɔ anyi le ŋutifafa me, si awɔe be woadzudzɔ ŋutasẽnuwo wɔwɔ keŋkeŋ.

  •   “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.”—Yesaya 11:9.

  •   Mawu le nu fiam amewo le xexea me godoo fifia gɔ̃ hã be woatsri ŋutasẽnuwɔwɔ kple aʋawɔnuwo zazã, be “woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.”—Mika 4:3.

 Biblia do ŋugbe be míava nɔ xexe si me vɔvɔ̃ maganɔ o me. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso esia ŋua, xlẽ nyati si nye “Ðe Wòanya Wɔ Be Míagavɔ̃ Azɔ Oa?” (Ele yevugbe me.)

 Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso ale si ŋutasẽnuwɔwɔ nu ayi keŋkeŋ ŋua, xlẽ nyati si nye “Ŋutifafa Ava Anyigbaa Dzi Mlɔeba!” (Ele yevugbe me.)