Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yan Zabolotnyi/stock.adobe.com

NƆ ŊUDZƆ!

Ame Geɖe Megale Se Dzi Wɔm O—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ame Geɖe Megale Se Dzi Wɔm O—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Nu vlo wɔhawo le nu gblẽm le Haiti ale gbegbe. Ŋutasẽnuwɔwɔwo na amewo le fu kpem ŋutɔ le South Africa, Mexico kple Latin America. Le teƒe siwo nu vlo wɔwɔ megabɔ le o hã, amewo vɔ̃na eye wotsina dzodzodzoe ne wose ale si amewo vae dzea ame bubuwo dzi fina wo kple ale si wole amewo ƒe nunɔamesiwo dome gblẽm.

 Nya kae Biblia gblɔ tso ale si sedzimawɔmawɔ bɔ ɖe xexea me ŋu?

Nya si Biblia gblɔ ɖi ku ɖe sedzimawɔmawɔ ŋu

 Biblia gblɔe ɖi be sedzimawɔmawɔ hã anye “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi” ƒe dzesi. (Mateo 24:3) Esi Yesu Kristo nɔ nu ƒom tso nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ƒe dzesia ŋu la, egblɔ be:

  •   “Le sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi ta la, ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to.”—Mateo 24:12.

 Biblia gblɔe ɖi hã be “le ŋkeke mamlɛawo me la,” amewo anye “ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o.” (2 Timoteo 3:1-5) Ðokuitɔdidi ƒe nɔnɔme siawo wɔe be amewo megawɔa se dzi egbea o.

 Gake mɔkpɔkpɔ li. Biblia do ŋugbe be madidi o sedzimawɔmawɔ maganɔ anyi o.

  •   “Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o; àdi wo le wo nɔƒe, ke womaganɔ afi ma o. Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.

 Srɔ̃ nu geɖe tso mɔkpɔkpɔ si Biblia na ŋu kple nu si ta míate ŋu aka ɖe edzi be nu siwo teƒe kpɔm míele egbea la ɖee fia be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam. Xlẽ nyati siawo.

 Mɔkpɔkpɔ Li Be Nuwo Ava Nyo Le Etsɔme” Ele yevugbe me.

 Nu Kae Nye ‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Alo ‘Nuwuɣi’ La Ƒe Dzesi?

 Ðe Biblia Gblɔ Ale Si Amewo Bua Nu Ŋu Kple Ale Si Wowɔa Nui Egbea Ŋu Nya Ðia?” Ele yevugbe me.