Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Manuel Reino Berengui/DeFodi Images via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Ðe Dukɔwo Dome Bɔlƒoƒo Ƒe Hoʋiʋlia Ate Ŋu Ahe Ðekawɔwɔ Vavãtɔ Ava Xexea Mea?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ðe Dukɔwo Dome Bɔlƒoƒo Ƒe Hoʋiʋlia Ate Ŋu Ahe Ðekawɔwɔ Vavãtɔ Ava Xexea Mea?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Wobu akɔnta be ame miliɔn akpe atɔ̃ ye akpɔ Dukɔwo Dome Bɔlƒoƒo Ƒe Hoʋiʋlia (World Cup alo Coupe du monde) si wodze ƒoƒo tso November 20 lia dzi eye woawu enu le December 18, 2022 dzi. Ame geɖe susui be menye ɖeko bɔlƒoƒo ƒe wɔna sia ana ekpɔlawo nakpɔ dzidzɔ ɖekae ko o, ke ate ŋu ana ɖekawɔwɔ nanɔ dukɔ vovovowo dome hã.

  •   “Kamedefefewo ate ŋu ana tɔtrɔ ɖedzesiwo nava xexea me. Ekpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi. Ate ŋu ana amewo nawɔ ɖeka wu nu bubu ɖe sia ɖe le xexea me.”—Nelson Mandela, South Africa ƒe dukplɔla tsãtɔ.

  •   “Bɔlƒoƒo nana amewo wɔa ɖeka le mɔkpɔkpɔ me, le dzidzɔ me, le aseyetsotso me, le lɔlɔ̃ me, togbɔ be wotso dukɔ vovovowo me hã.”—Gianni Infantino, FIFA ƒe tatɔ. a

 Ðe dukɔwo dome bɔlƒoƒo ƒe hoʋiʋlia alo kamedefefe bubu aɖe ate ŋu ana ɖekawɔwɔ ma gbegbe nanɔ anyia? Alo ɖe nu bubu aɖe ate ŋu ahe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ vɛa?

Ðe wòate ŋu ana amewo nawɔ ɖeka vavã?

 Bɔlƒoƒo sia si le edzi yim le dukɔwo domea fɔ nya bubu geɖewo ɖe te. Ewɔe be ame geɖewo le nu me dzrom ku ɖe hadomenyawo, dukɔwo dome nya siwo ku ɖe amegbetɔwo ƒe gomenɔamesiwo, yevuwo kple ameyibɔwo dome fuléle, kple dukɔwo ƒe gakuxiwo ŋu.

 Togbɔ be ele alea hãa, ame geɖe kpɔa dzidzɔ ɖe dukɔwo dome kamedefefe siawo tɔgbi kpɔkpɔ ŋu. Ke hã, nu ka kee amewo ɖawɔ o, kamedefefe mawo mehea ɖekawɔwɔ ŋutɔŋutɔ vanɛ o. Ke boŋ, ɖeko wònana mama kple masɔmasɔ siwo Biblia gblɔ ɖi be woayi edzi le “ŋkeke mamlɛawo” mea gadzena kɔtɛ míekpɔna.—2 Timoteo 3:1-5.

Nu si tututu ana ɖekawɔwɔ nanɔ xexea me

 Biblia gblɔ nu si tututu ahe ɖekawɔwɔ ava xexea me godooa vɛ. Biblia na míenya be Mawu ato eƒe dziɖuɖu si le dziƒo si woyɔna be “Mawu Fiaɖuƒe” la dzi ana amewo nawɔ ɖeka le anyigba bliboa dzi.—Luka 4:43; Mateo 6:10.

 Yesu Kristo, ame si nye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia, akpɔ egbɔ be ŋutifafa xɔ anyigba bliboa dzi. Biblia gblɔ be:

  •   ‘Ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi, eye ŋutifafa axɔ aƒe ɖi.’—Psalmo 72:7.

  •   “Aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la . . . Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:12, 14.

 Egbea gɔ̃ hã, Yesu ƒe nufiafiawo na ame miliɔn geɖe wɔ ɖeka le dukɔ 239 me. Wosrɔ̃ ale si woadzudzɔ fuléle amewo. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wua, xlẽ nyati siwo ƒe tanyae nye “Àte Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!

a Fédération Internationale de Football Association, si nye dukɔwo dome bɔlƒohabɔbɔ ƒe dɔwɔƒegã.