Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TheCrimsonMonkey/E+ via Getty Images

GBEƑÃÐEÐEDƆ TƆXƐ

Yame Ƒe Tɔtrɔ Le Nu Gblẽm—Nu Si Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Tso Eŋu

Yame Ƒe Tɔtrɔ Le Nu Gblẽm—Nu Si Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Tso Eŋu

 “Yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ le nu gblẽm ale gbegbe. Ena amegbetɔwo kple nu gbagbe bubu geɖewo le fu kpem. Ahom sesẽwo, siwo nu gale sesẽm ɖe edzi le yame ƒe tɔtrɔ ta, le amewo ƒe aƒewo kple woƒe dɔwɔɖuiwo dome gblẽm le xexea me godoo. Atsiaƒuwo le dzo xɔm ɖe edzi ale gbegbe be nu gbagbe siwo le eme la le kukum.”—Nya siae Inger Andersen, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo dɔdzikpɔlagã ƒe kpeɖeŋutɔ evelia eye wòganye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe yamenutowo me nyawo dzi kpɔla, gblɔ le July 25, 2023 dzi.

 Ðe dziɖuɖuwo ate ŋu awɔ ɖeka akpɔ kuxi sia si le nu gblẽm le xexe bliboa ŋu la gbɔa? Ðe woate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔ keŋkeŋua?

 Biblia ƒo nu tso dziɖuɖu aɖe si ate ŋu akpɔ yame ƒe tɔtrɔ kple eƒe kuxiwo gbɔ ŋu eye awɔe hã. Egblɔ be “dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe [alo dziɖuɖu] aɖe anyi” si aɖu anyigba la dzi eye wòakpɔ edzi kuxiwo katã gbɔ. (Daniel 2:44) Le dziɖuɖu ma mea, amewo ‘mawɔ vɔ̃ aɖeke’ wo nɔewo o, eye “womahe gbegblẽ” ava anyigba la dzi o.—Yesaya 11:9.