Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

PHYLLIS LIANG | AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Yram Esi Metsɔ Ðokuinye Na Faa

Yehowa Yram Esi Metsɔ Ðokuinye Na Faa

“Ɛ̃, mayi.” Nya siawoe Rebeka si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia mea gblɔ esi wobia tso esi be wòawɔ nyametsotso aɖe si wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu gake ana nu geɖe natrɔ le eƒe agbe me. (1 Mose 24:50, 58) Togbɔ be nyemebua ɖokuinye ame tɔxɛ o hãa, nye hã medze agbagba be matsɔ ɖokuinye ana faa awɔ subɔsubɔdɔwo na Yehowa. Medo go kuxiwo ya, gake mekpɔ ale si Yehowa yram esi metsɔ ɖokuinye na faa. Eye ɣeaɖewoɣia, eyram le mɔ siwo nu nyemenɔ mɔ kpɔm na o.

Ŋutsu Tsitsi Aɖe Tsɔ Kesinɔnu Aɖe Vɛ Na Mí

 Míaƒe ƒomea va ʋu yi Roodepoort, le South Africa (Afrique du Sud), eye le ƒe ʋɛ aɖewo megbea, tɔnye ku. Le ƒe 1947 me esi mexɔ ƒe 16 la, meva nɔ dɔ wɔm le dziɖuɖua ƒe telefondɔwɔƒe, ale be mate ŋu akpɔ ga atsɔ akpe ɖe míaƒe ƒomea ŋu. Gbe ɖeka esi menɔ aƒe mea, ŋutsu tsitsi aɖe va ƒo ʋɔ na mí eye wòbia be míalɔ̃ akpe agbalẽvi ɖo be woanɔ Gbetakpɔxɔ ɖom ɖe mí ɣleti sia ɣleti hã. Míelɔ̃ ɖe eƒe biabiaa dzi le esi míedi be míade bubu eŋu ta ko.

 Gake le ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, míeva nɔ didim vevie be míanya Biblia me nyateƒea. Nɔnye nɔ subɔsubɔha aɖe me xoxo (Dutch Reformed Church) tso eƒe ɖevime, gake eva nɔ dzesi dem vovototo si le Biblia ƒe nufiafia kple sɔlemehaa tɔ dome. Míelɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli mí, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, míeva te hame ƒe kpekpewo hã dede. Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1949 me, eye nyee nye ƒomea me tɔ gbãtɔ si xɔ nyɔnyrɔ. Gake meva nɔ didim be mawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me.

Melɔ̃ Faa Be Masubɔ Le Afi Si Hiahiã Le

FomaA/stock.adobe.com

Koeksisters

 Medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1954 me, emegbe mebia South Africa alɔdzedɔwɔƒea be afi kae hiahiã geɖe wu le hã, ale be mayi aɖasubɔ le afi ma. Alɔdzedɔwɔƒea na menya be hiahiã geɖe le Pretoria, eye wowɔ ɖoɖo be nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe hã nawɔ dɔ kplim le afi ma. Nye kplii míenɔ xɔ ɖeka me, eye xɔa sɔ na mí ŋutɔ. Megaɖoa ŋku botokoe ƒomevi aɖe si wotɔna le afi si tsɔ mía gbɔa dzi. Ne wotɔe le ami me vɔa, wosia atikutsetsemetsi ɖe eŋu eye wòvivina ŋutɔ.

 Esi nye zɔhɛ mɔɖelaa va ɖe srɔ̃ la, Nɔviŋutsu George Phillips si nye alɔdzea dzikpɔla biam nenye be madi be manye mɔɖela vevi hã. Melɔ̃ ɖe edzi kple dzidzɔ.

 Medze mɔɖela vevi ƒe dɔa gɔme le ƒe 1955 me le du aɖe si woyɔna be Harrismith me. Enɔ sesẽm na nye kple nye zɔhɛ yeye si nye mɔɖelaa be míakpɔ nɔƒe si asɔ na mí. Le kpɔɖeŋu me, esi sɔlemeha si le nutoa mea me tɔwo se mía ŋkɔa, woƒoe ɖe aƒenɔ si haya xɔa na mí la nu be wòanya mí.

 Emegbe woɖom ɖe Parkhurst, si le Johannesburg. Nɔvinyɔnu eve siwo nye dutanyanyuigblɔlawo va kpe ɖe ŋunye le afi ma. Emegbe wo dometɔ ɖeka va ɖe srɔ̃, eye woɖo ame evelia ɖe afi bubu. Nɔvinyɔnu dɔmenyotɔ aɖe si ŋkɔe nye Eileen Porter xɔm ɖe woƒe aƒe me, togbɔ be xɔ si me eya kple eƒe ƒomea lea masu na mí katã o gɔ̃ hã. Teƒe sue aɖe si tsiã ɖe woƒe xɔa ŋua va zu nye mlɔƒe, eye xɔmetsovɔ aɖe koe nye dometsotso le afi si memlɔna kple wo tɔ dome. Eileen nyoa dome eye wòdea dzi ƒo na ame hã, eye egbɔ nɔnɔ dze ŋunye ŋutɔ. Togbɔ be ƒomegbanɔamedzi geɖewo le edzi hãa, etsɔa dzo ɖe nyateƒea ŋu eye esia wɔ dɔ ɖe dzinye.

 Le esia megbe kpuiea, woɖom ɖe Aliwal North, si nye du aɖe si le Eastern Cape nutoa me be mavae wɔ dɔ kple nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Merlene (Merle) Laurens. Mí ame evea míenɔ míaƒe ƒe 20-awo me ɣemaɣi, eye nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Dorothy, si míelɔ̃a yɔyɔ vividoɖeameŋutɔe be Auntie Dot la ƒe kpɔɖeŋu de dzi ƒo na mí. Ɣeaɖeɣi le eƒe ɖetugbui me esime wònɔ gbeƒã ɖema, avu wɔadã aɖewo ɖe fu nɛ vevie, gake esia mena dzo si le emea nu tsi o.

 Le 1956 mea, wokpe Merle be wòava de Gilead suku ƒe klas 28 lia. Edzrom vevie be nye kplii míade hafi! Ke hã, Auntie Dot yi edzi lé be nam eye nye kplii míeva zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo, togbɔ be etsi wum ƒe geɖe hã.

 Bu dzidzɔ si gbegbe mekpɔ esi wova kpe nye hã be mava de Gilead sukua ŋu kpɔ! Hafi madzoa, meva nɔ du aɖe si ŋkɔe nye Nigel me ɣleti enyi, eye mewɔ dɔ kple Kathy Cooke si hã de Gilead sukua va yi. Nya siwo Kathy gblɔna wɔe be sukua dede gava nɔ nye dzrom vevie. Eye le January 1958 mea, medze mɔ be made sukua le New York.

Melɔ̃ Faa Xɔ Hehe

 Esi míenɔ Gilead sukua dema, menɔ xɔ ɖeka me kple Nɔvinyɔnu Tia Aluni, si tso Samoa, kple Nɔvinyɔnu Ivy Kawhe, si nye Maoritɔ. Esime menɔ South Africa la, dziɖuɖua ƒe se wɔe be yevuwo kple ameyibɔwo menɔa teƒe ɖeka o, eya ta nu yeyee wònye nam be manɔ xɔ ɖeka me kple nɔvinyɔnu mawo. Nye kpli wo míevivina ŋutɔ, eye edzɔ dzi nam be meva nɔ klas ɖeka me kple ame siwo tso dukɔ vovovowo me.

 Míaƒe Gilead sukunufialawo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Maxwell Friend. Ɣeaɖewoɣi ne ele hehe nama, nuwo menɔa bɔbɔe na mí tututu o. Akaɖi etɔ̃ aɖewo nɔ sukuxɔ si me wòfiaa nu mí lea me, eye woŋlɔ ɖe wo ŋu be “Gbea Nede Dzi,” “Nuƒoa Netsɔ,” kple “Dzo Nenɔ Eme.” Ne sukuvi aɖe le nuƒo ƒom alo le dɔdeasi aɖe wɔma, Nɔviŋutsu Friend sia akaɖiawo dometɔ ɖeka ale be sukuvia nanya akpa si mele wɔwɔm nyuie o. Esi ŋu kpeam taa, zi geɖea esia dzo mawo ɖe dzinye ne mele nye dɔdeasiwo wɔm, eye ɣeaɖewoɣia esia nana mefaa avi! Ke hã, nye kple Nɔviŋutsu Friend míegavivina kokoko. Le sukua deɣia, woɖoa teƒewo dzadzraɖo ƒe dɔwo na mí ɣeaɖewoɣi, eye ne mebiã ŋku ɖe dɔa ŋu le wɔwɔma, etea ŋu kua kɔfi vɛ nam be mano.

 Le ɣleti aɖewo megbe esime sukua nɔ edzi yima, meva nɔ eŋu bum be afi kae woaɖom ɖo ne míewu sukua nu hã. Do ŋgɔa, Merle, si nye kplii míewɔ mɔɖeɖedɔa kpɔ va yia, wu Gilead sukua nu eye woɖoe ɖe Peru. Ɣemaɣia, esi wònye be esusɔ vie eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ƒe zɔhɛ naɖe srɔ̃ taa, edoe ɖa be mabia Nɔviŋutsu Nathan Knorr si nɔ ŋgɔ xɔm na míaƒe dɔa ɣemaɣia be ɖe wòanya wɔ be mava xɔ ɖe yeƒe zɔhɛa teƒe hã. Nɔviŋutsu Knorr ɖia tsa vaa afi si míele sukua wɔm le edziedzi, eya ta enɔ bɔbɔe be maɖe nyaa dzi nɛ. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be esi mewu sukua nua, woɖom ɖe Peru!

Mevae Subɔ Le Tonutowo Me

Nye kple Merle (ɖusime) le Peru, ƒe 1959

 Edzɔ dzi nam ŋutɔ be megava do go Merle, ale be míawɔ subɔsubɔdɔa ɖekae le Lima, si le Peru! Esi meva ɖo Peru megbe kpuie koa, menɔ Biblia nusɔsrɔ̃ tsekuwo wɔm togbɔ be meganɔ Spaingbea srɔ̃m hã. Gake emegbe woɖo nye kple Merle ɖe Ayacucho, si nye nuto si me to kɔkɔwo le. Le nyateƒe mea, subɔsubɔ le afi ma menɔ bɔbɔe kura o. Menya Spaingbea dodo vie xoxo, gake Quechuagbe koe ame akpa gãtɔ dona le afi ma. Eye esi wònye be gbɔgbɔ mesua ame le to kɔkɔwo dzi o taa, exɔ ɣeyiɣi hafi afi ma nɔnɔ va ma mí.

Esime míenɔ gbeƒã ɖem le Peru, ƒe 1964

 Mese le ɖokuinye me be nyemete ŋu wɔ dɔ geɖe le Ayacucho o, eye ewɔ nam be ame geɖe maxɔ nyateƒea le nuto ma me o. Gake fifia gbeƒãɖela 700 kple edzivɔ ye le Ayacucho, eye gbegɔmeɖeƒe aɖe hã le afi ma si ɖea míaƒe agbalẽwo gɔme ɖe Quechuagbea (Ayacucho) me.

 Emegbe Merle va ɖe nutome sue dzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Ramón Castillo, eye le ƒe 1964 mea, Ramón de Gilead suku aɖe si wowɔ ɣleti 10. Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Fu-lone Liang hã nɔ woƒe sukuxɔa me, eye nye kplii ye de Gilead suku va yi. Fu-lone nɔ subɔsubɔm le Hong Kong alɔdzedɔwɔƒea hafi, gake wokpee be wòagava de Gilead sukua ake be wòaxɔ hehe bubuwo hena agbanɔamedziwo tsɔtsɔ le alɔdzedɔwɔƒea. a Fu-lone bia tanye le Ramón gbɔ ku ɖe ale si mele dɔa dzi le Peru ŋu. Eyome nye kple Fu-lone míeva nɔ lɛta ŋlɔm na mía nɔewo.

 Tso gɔmedzedzea kea, Fu-lone na eme kɔ nam be zi ale si míele agbalẽ ŋlɔm na mía nɔewo koa, ɖe míele zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖee nye ema. Le Hong Kong la, Harold King, si hã nye dutanyanyuigblɔlaa, yia posudɔwɔƒea edziedzi. Eya ta elɔ̃ be yeanɔ Fu-lone ƒe lɛtawo xɔm anɔ ɖoɖom ɖem. Ne Harold xɔ lɛtawo tso Fu-lone gbɔa, ewɔa nuŋlɔɖi kpuiwo kple nutata viviviwo ɖe agbalẽkotokua dzi. Nu si wòŋlɔna ƒe ɖewoe nye, “Madze agbagba ana wòanɔ lɛta ŋlɔm na wò edziedzi wu seea!”

Nye kple Fu-lone

 Esi míeŋlɔ agbalẽ na mía nɔewo abe ƒe ɖeka kple afã ene megbea, míeɖe srɔ̃ eye medzo le Peru. Ƒe adre ye nye ema mesubɔ le afi ma.

Medze Agbe Yeye Gɔme Le Hong Kong

 Nye kple Fu-lone míeɖe mía nɔewo le November 17, 1965 dzi. Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi meva Hong Kong. Nye kple srɔ̃nye kpakple atsu kple asi eve bubu ye nɔ alɔdzedɔwɔƒea. Le ŋkekea me ne Fu-lone le gbe gɔme ɖem le alɔdzedɔwɔƒea, nye ya meyia gbea dzi. Cantonese-gbe sɔsrɔ̃ nɔ sesẽm nam, gake srɔ̃nye kple nɔvinyɔnu dutanyanyuigblɔla bubuawo gbɔ dzi ɖi kpe ɖe ŋunye. Nu si kpe ɖe ŋunye meɖe dzi ɖi ye nye be mesrɔ̃a Biblia kple ɖevi suewo esime menɔ gbea srɔ̃m.

Mí ame ade siwo nɔ Hong Kong alɔdzedɔwɔƒea le ƒe 1960-awo me. Nye kple Fu-lone ye le titina

 Le ƒe aɖewo megbea, nye kple Fu-lone míeʋu yi dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe aɖe me le Hong Kong ƒe akpa si woyɔna be Kwun Tong, ale be Fu-lone nafia Cantonese-gbe dutanyanyuigblɔla yeye siwo va dukɔa me. b Gbeƒãɖeɖedɔa vivi nunye le nutoa me ale gbegbe be le ŋkeke aɖewo dzia, medzronam be magbɔ va aƒe me gɔ̃ hã o!

 Le ƒe 1968 mea, dzi dzɔm ŋutɔ esi woɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ yeye si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee ɖe go. Esɔsrɔ̃ kple amewo nɔ bɔbɔe wu esi míezã va yi, si nye “Let God Be True” (“ Que Dieu soit reconnu pour vrai !), vevietɔ ne míele nu srɔ̃m kple ame siwo menya nu boo aɖeke tso Biblia kple Kristotɔnyenye ŋu o.

 Tsãa, mesusui be ne nusrɔ̃viwo te ŋu le biabia siwo le nusrɔ̃gbalẽa me ŋu ɖom koa, ke efia be wole nyateƒea gɔme sem, gake meva kpɔe be meda ƒu. Edzɔ ɣeaɖeɣi be mesrɔ̃ agbalẽ bliboa kple nye nusrɔ̃vi aɖe gake mexɔ Mawu dzi se o, evɔ nyemede dzesii o! Meva srɔ̃ ale si maɖo dze kple nusrɔ̃viawo geɖe wu, ale be manya ale si tututu wole sesem le wo ɖokui me tso nu si srɔ̃m wolea ŋu.

 Esi míesubɔ le Kwun Tong ƒe ʋɛ aɖewo megbea, míetrɔ yi alɔdzedɔwɔƒea eye Fu-lone va nye Hong Kong Alɔdzekɔmitia me tɔ. Mewɔ dɔ le amedzroxɔƒea eye mewɔ xɔwo me dzadzraɖo ƒe dɔa hã ƒe aɖewo. Ɣeaɖewoɣia, eva hiãna be Fu-lone nazɔ mɔ ɖe teokrasidɔ aɖewo siwo ŋu mele be ame bubuwo nanya nu tsoe oa ta, eya ta nyemete ŋu kplɔnɛ ɖo o. Gake edzɔa dzi nam be makpe asi ɖe eŋu ale be wòate ŋu awɔ eƒe dɔawo.

Fu-lone le Yesaya Ƒe Nyagblɔɖia ƒe babla evelia ɖem ɖe go le Chinagbe me

Nu Si Nyemenɔ Mɔ Kpɔm Na Oa Dzɔ

 Nublanuitɔea, le ƒe 2008 mea, nuwo trɔ keŋkeŋ le nye agbe me. Gbe ɖeka esi srɔ̃nye lɔlɔ̃a Fu-lone gazɔ mɔa, ɖeko wòvae ku kpata. Esia dzɔ ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Nye dzi gbã ale gbegbe. Nɔviawo katã tso kpla va fa akɔ nam. Esi wonɔ Ŋkuɖodzinuƒoa ƒoma, menɔ anyi ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖe xa henɔ kpekpem ɖe eŋu be wòake mawunyakpukpuiawo. Esia kpe ɖe ŋunye be nyemenɔ avi dzi le nuƒoa ƒoɣi o. Fu-lone ƒe mawunyakpukpui veviawo dometɔ ɖeka do ŋusẽm. Afi ma gblɔ be: “Nye, Yehowa wò Mawu, melé wò nuɖusi ɖe asi . . . ‘Makpe ɖe ŋuwò.’”—Yesaya 41:13.

 Ƒe adre le Fu-lone ƒe ku megbea, nɔvi siwo le Hong Kong doe ɖa be maʋu ayi alɔdzedɔwɔƒe si lolo wu ale be woate ŋu akpɔ nye lãmesẽnyawo gbɔ nyuie wu. Eya ta le ƒe 2015 mea, meʋu yi South Africa alɔdzedɔwɔƒea. Afi ma medidi tso afi si mexɔ nyateƒea le le ƒe 1947 me o.

 Mekpɔ dzidzɔ le ƒe geɖe siwo metsɔ wɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa me, eye mese le ɖokuinye me be Yehowa yram esi metsɔ ɖokuinye na faa. Megaɖoa dze kple ame siwo mesrɔ̃ Biblia kplii va yi siwo gale Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe, eye mekpɔ ale si Yehowa yrana ɖe akpa sue si míewɔna le gbeƒãɖeɖedɔa me dzi. Le kpɔɖeŋu me, tso ƒe 1958 va ɖo ƒe 2021 mea, gbeƒãɖela siwo le Peru ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 760 va ɖo 133,000, eye tso ƒe 1965 va ɖo ƒe 2021 mea, gbeƒãɖela siwo le Hong Kong dzi ɖe edzi tso 230 va ɖo 5,565.

 Le tsitsimekuxiwo taa, nyemegatea ŋu wɔa nu siwo mewɔna tsã o. Gake didia gakpɔtɔ le menye, eye mele mɔ kpɔm be didi ma nagakpɔtɔ anyɔ anyi le Yehowa ƒe xexe yeyea me. Ɣemaɣia, woagahiã na dɔwɔla geɖe, eye matsɔ dzidzɔ agblɔ be: “Ɛ̃, mayi.”

a Ne èdi be yeaxlẽ nu tso ale si Fu-lone Liang wɔ va nyateƒea me ŋua, xlẽ ƒe 1974 Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒegbalẽa, axa 51.

b Ne èdi be yeaxlẽ nuteƒekpɔkpɔ siwo su Fu-lone si le Kwun Tong dometɔ ɖeka ŋua, kpɔ ƒe 1974 Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒegbalẽa, axa 63.