Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

MILTIADIS STAVROU | AGBEMEŊUTINYA

“Yehowa Fia Mɔ Mí Eye Wòkpɔ Mía Ta”

“Yehowa Fia Mɔ Mí Eye Wòkpɔ Mía Ta”

Esime mexɔ ƒe 13 la, meva tɔna ɖe mɔ to le mía de Tripoli, Lebanon, nɔa ʋu siwo va le yiyima kpɔm abe ale si ɖevi ɖe sia ɖe wɔnɛ ene. Gbe ɖekaa, mekpɔ Amerikatɔwo ƒe ʋu dzĩ aɖe si nye Syria ŋutsu aɖe tɔ. Ewɔ nuku nam ŋutɔ esime míaƒe Ortodɔks sɔlemeha ƒe nunɔla gblɔ na mí be míaƒu kpe ʋua, elabena Yehowa Ðasefo aɖe tɔe!

 Míegblɔ na nunɔlaa be míava wɔ nu vevi ʋukulaa. Gake eɖo eŋu be: “Miwui, eye mizã nye nunɔlawua tsɔ tutu eƒe ʋu le miaƒe asiwo ŋu!” Togbɔ be dadae wònye nam be metso Hela Orthodɔkstɔwo ƒe ƒome me hãa, nya mawo siwo nunɔlaa gblɔ kple dzikua wɔe be meva dzudzɔ sɔlemea dede. Ne mebu nudzɔdzɔa ŋua, mekpɔnɛ be esiae ʋãm meva srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu.

Meva Srɔ̃ Nyateƒe Si Ku Ðe Yehowa Ŋu

 Esime menɔ tsitsima, ame siwo tso dukɔ vovovowo me, doa gbe vovovowo eye wotso subɔsubɔha vovovowo mea va yɔ Tripoli melidzeƒe-dugãa me. Dekɔnu kple subɔsubɔha siwo me ƒome mawo tsoa nyea dada na wo, eye nenema kee wònɔ le míaƒe ƒomea hã gome. Nye kple fonyewo míeva ge ɖe ƒuƒoƒo aɖe si woyɔna be, Xɔse Ƒe Asrafowo me. a Ƒuƒoƒo sia tsia tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu vevie. Míawo ŋutɔwo míedo go Ðasefo aɖeke kpɔ o, gake míaƒe nunɔla gblɔ na mí be Ðasefowo nye adzoha aɖe si tsi tre ɖe Hela Orthodɔkstɔwo ƒe sɔlemehaa ŋu eye woƒe ŋgɔnɔlae nye Yehowa. Míaƒe nunɔla gblɔna na mí enuenu be ne míedo go Ðasefowoa, míawɔ nu vevi wo.

 Fonyewo va ke ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu, evɔ nyemenya o. Gake le esi woadze wo dzi awɔ nu vevi wo teƒea, fonyeawo lɔ̃ be Ðasefoawo nasrɔ̃ Biblia kpli yewo, kple susu be yewoahe nya kpli wo atsɔ aɖee afia wo be woƒe nyawo nye alakpa. Gbe ɖeka fiẽ aɖe esime megbɔ va aƒe mea, mekpɔ be Ðasefo aɖewo le míaƒe xɔ ƒe akpata me nɔ nu srɔ̃m kple míaƒe ƒomea kple aƒelika aɖewo. Medo dziku vevie! Nyemese nu si tae fonyewo agbe nu le Ortodɔks xɔsea gbɔ be yewova le nu srɔ̃m kple Ðasefowo gɔme o. Eya ta metrɔ be mado le xɔa me, eye Ðasefoawo dometɔ ɖeka si nye aɖutikewɔla si ame geɖe nya le mía gbɔa, gblɔ nam be manɔ anyi ase nu si xlẽm wole. Aƒelikawo dometɔ ɖeka lé nye Biblia ɖe asi eye wònɔ Psalmo 83:18 xlẽm. Esi mese nu si wòxlẽa, mekpɔe be míaƒe nunɔlaa ble mí. Yehowa menye adzoha aɖeke ƒe ŋgɔnɔla o, ke boŋ eyea nye Mawu vavã ɖeka kolia la!

Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe kpuie

 Medi be manya nu geɖe tso Yehowa ŋu, eya ta nye hã mete Biblia sɔsrɔ̃ ne Ðasefoawo va mía gbɔ. Nɔviŋutsu Michel Aboud ye srɔ̃a nua kpli mí. Gbe ɖekaa, xɔ̃nye aɖe si hã le nua srɔ̃ma bia nya aɖe si ŋu mebuna tso nye ɖevime ke. Xɔ̃nyea bia be, “Gblɔe na mí, ame kae wɔ Mawu?” Nɔviŋutsu Aboud fia asi dadi aɖe si mlɔ zikpui me le mía gbɔ. Eye wòɖe eme be dadi mate ŋu ase nya siwo amegbetɔwo gblɔna alo ale si wobua tame gɔme o. Nenema kee míaƒe susu mate ŋu ase nu sia nu gɔme tso Mawu ŋu o. Kpɔɖeŋu bɔbɔe ma kpe ɖe ŋunye mese egɔme be mímate ŋu ase nu sia nu gɔme tso Yehowa ŋu bliboe o. Eteƒe medidi o, meɖe adzɔgbe na Yehowa eye mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1946 me esime mexɔ ƒe 15.

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Na Taɖodzinu Va Le Nye Agbe Ŋu

 Le ƒe 1948 mea, meva nɔ fotoɖeɖedɔ wɔm kple fonye Hanna. Fonyea ƒe fotodɔwɔƒea le nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Najib Salem, b si sia aŋɔ na nuwo ƒe dɔwɔƒea gbɔ. Najib ɖea gbeƒã vɔvɔ̃manɔmee va se ɖe esime wòku, esime wòxɔ ƒe 100. Ne mekplɔe ɖo míeyi gbeƒã ɖe ge le kɔƒewo mea, mekpɔnɛ be dzi le eƒo ŋutɔ togbɔ be amewo tsia tre ɖe mía ŋu hã. Azɔ hã, etea ŋu dzea dzeɖoɖo tso Biblia me gɔme kple ame sia ame, subɔsubɔ ka ke mee amea le o. Dzo si le eme ɖe subɔsubɔdɔa ŋua kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dzinye.

Najib Salem (ame evelia tso ɖusi me) kpe ɖe ŋunye ŋutɔ

 Gbe ɖeka esime míenɔ dɔwɔƒea, nɔvinyɔnu aɖe si nye Lebanontɔ si ŋkɔe nye Mary Shaayah, si tso United States (États-Unis) va srã mí kpɔ. Togbɔ be enye vidada si mevona o hãa, enye mɔɖela dovevienu. Eƒe sasrãkpɔa trɔ nye agbe kura. Nɔvinyɔnu Mary zã gaƒoƒo eve sɔŋ tsɔ nɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su esi le gbeƒãɖeɖedɔa mea gblɔm na mí. Hafi nɔvinyɔnu Mary nadzoa, ekpɔm dũu eye wòbiam be: “Milto, esi mèɖe srɔ̃ haɖe oa, nu ka tae màwɔ mɔɖeɖedɔa o?” Medo taflatsɛ eye megblɔ nɛ be ele be mawɔ dɔ atsɔ akpɔ ɖokuinye dzi. Eye wòbiam be: “Gaƒoƒo neni sɔŋue nye esia míetsɔ ɖo dze ŋdi sia?” Meɖo eŋu be: “Ade gaƒoƒo eve.” Mary gblɔ be: “Le gaƒoƒo eve siawo mea nyemekpɔe be èwɔ dɔ boo aɖeke o ɖe. Ènyaa, ne ètea ŋu ɖea gbeƒã gaƒoƒo eve gbe sia gbea, àte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Wò ya tee kpɔ ƒe ɖeka pɛ ko eye emegbea nàtso nya me nenye be àyi edzi loo alo àdzudzɔ ewɔwɔ.”

 Togbɔ be le mía gbɔa ŋutsuwo mexɔa nyɔnuwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo o hãa, eƒe nyawo dze ŋunye. Le ɣleti eve megbea, medze mɔɖeɖedɔa gɔme le January ƒe 1952 me. Eye esi mewɔ mɔɖeɖedɔa le ƒe ɖeka kple afã megbea, wokpem be mava de Gilead Suku ƒe klas 22 lia.

Nye ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo va ɖom ɖa esi medzo yina Gilead Suku le ƒe 1953 me

 Esi mewu sukua nua, woɖom ɖe Titina Ɣedzeƒe. Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbea, meɖe Nɔvinyɔnu Doris Wood, si nye dutanyanyuigblɔla tso England si hã va le subɔsubɔm le afi ma.

Gbeƒãɖeɖedɔa Wɔwɔ Le Syria

 Esi míeɖe srɔ̃ eteƒe medidi oa, woɖo nye kple Doris ɖe Aleppo, le Syria. Esi woɖo asi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le afi ma taa, ame siwo di be yewoasrɔ̃ Biblia gbɔ koe míeyina vae srɔ̃a nu kple.

 Gbe ɖeka míetrɔ yi ɖetugbui aɖe si tsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me gbɔ. Míeƒo eƒe ʋɔa eye esi wòʋuia, egblɔ na mí kple vɔvɔ̃ be: “Minɔ ŋudzɔ! Fifi laa ko poliswo va di mi le afi sia. Wodi be yewoanya afi si miele.” Edze ƒãa be, adzame poliswo nya afi siwo míesrɔ̃a Biblia kple amewo le. Ta míeƒo ka na nɔvi siwo kpɔa gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Titina Ɣedzeƒea, eye wogblɔ na mí be ne anya wɔa míadzo le dukɔa me enumake. Togbɔ be ete ɖe mía dzi be míele dzodzom le míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo gbɔ hãa, míekpɔe be Yehowae le mía ta kpɔm.

Ale Si Yehowa Fia Mɔ Mí Le Iraq

 Le ƒe 1955 mea, wogbugbɔ ɖo mí ɖe Baghdad, le Iraq. Míate ŋu aɖe gbeƒã na ame sia ame le Iraq, ke hã, ele be míawɔe le ŋuɖɔɖo me, eya ta ame siwo tsɔ ɖe le Mawu ƒe nyaa me koŋ ye míeɖea gbeƒã na.

Nye kple dutanyanyuigblɔla bubuwo le Iraq

 Míedzea agbagba hã be míaɖo dze kple Moslemtɔ siwo míedo goe le asi me alo ablɔwo dzi xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Zi geɖe Doris dzea dzeɖoɖo gɔme kple nya aɖe si ado dzidzɔ na amewo. Le kpɔɖeŋu me, egblɔna be: “Tɔnye gblɔna zi geɖe be gbe ɖekaa, ame sia ame abu akɔnta na mía Wɔla.” (Romatɔwo 14:12) Emegbe egblɔna kpee be: “Tɔnye ƒe nya ma kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le nye agbe me katã. Nu kae wò hã nèsusu tso nya mawo ŋu?”

 Subɔsubɔ le Baghdad vivi mía nu ŋutɔ. Míezã ƒe etɔ̃ siwo míetsɔ subɔ la nɔ kpekpem ɖe nutoa me nɔviawo ŋu le ale si woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le ŋuɖɔɖo mea ŋu. Míewɔa kpekpeawo le Arabgbe me le dutanyanyuigblɔlawo ƒe dzeƒe si míele. Míekpɔa dzidzɔ ɖe Asiriatɔ siwo va tso kɔƒe ɖe Baghdad siwo tsɔ ɖe le Mawu ƒe Nyaa me eye wodea kpekpeawoa ŋu ŋutɔ. Esi woawo ŋutɔwo kpɔ lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le mía dome ne wova kpekpea, wokpɔe dze sii be míawoe nye Yesu yomedzela vavãwo.—Yohanes 13:35.

Míewɔ kpekpewo le míaƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe dzeƒea le Baghdad

 Ame siwo xɔ nyateƒea kaba dometɔ ɖekae nye Nicolas Aziz, ame si bɔbɔa eɖokui. Edzilawo nye Armenia kple Asiriatɔwo. Nicolas kple srɔ̃a, Helen, lɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafia si nye be Yehowa kple Via, Yesu nye ame vovovo eve dzi enumake. (1 Korintotɔwo 8:5, 6) Megaɖoa ŋku ŋkeke si dzi Nicolas kple ame 20 bubuwo xɔ nyɔnyrɔ le Frat-tɔsisia me dzi kokoko.

Ale Si Yehowa Kpe Ðe Mía Ŋu Le Iran

Ƒe 1958 me, le Iran

 Le ɣeyiɣi aɖe megbea, woɖe Iraqtɔwo ƒe Fia Faisal Evelia le zi dzi akpasesẽtɔe eye wòku le July 14, 1958 dzi. Wova de se aɖe si tae wòva hiã be míaʋu ayi Iran. Le Iran la, míeyi subɔsubɔdɔa dzi aɖaŋutɔe le amedzrowo dome ɣleti ade sɔŋ.

 Esi wòsusɔ vie míadzo le Iran ƒe dugã si nye Tehran mea, poliswo lém be yewoabia gbem. Esia na meva de dzesii be poliswo nɔ ŋku lém ɖe mía ŋu le adzame. Esi wobia gbem vɔa, meƒo ka na Doris eye megblɔ nɛ be poliswo le mía ɖiam. Be míanɔ dediea, míewɔ ɖoɖo be nyemagbɔ ava aƒe me o eye míado go le teƒe bubu aɖeke hã o va se ɖe ŋkeke si dzi míaʋu adzo le dukɔa me.

 Doris di teƒe aɖe si wòanɔ, afi si le dedie, va se ɖe ŋkeke si dzi míado go le yameʋudzeƒea. Gake nya lae nye be aleke wòawɔ ava ɖo yameʋudzeƒea eye poliswo makpɔe o? Doris do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu.

 Kasia, tsi gã aɖe te dzadza si wɔe be ame sia ame vae be tsi; polis-awo hã le eme. Esia wɔe be fifia, Doris ate ŋu ayi yameʋudzeƒea azɔ eye polis aɖeke mele mɔa dzi aɖe fu nɛ o. Doris gblɔ be, “Tsi gã ma si dzaa nye nukunu tso Yehowa gbɔ nyateƒe!”

 Esi míedzo le Iran la, woɖo mí ɖe anyigbamama bubu me. Míeɖea gbeƒã na ame siwo tso teƒe vovovowo eye wole subɔsubɔha vovovowo me. Le ƒe 1961 mea, míeva nɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa wɔm nɔa nɔviwo srãm kpɔ le Titina Ɣedzeƒe nutowo me.

Míekpɔ Yehowa Ƒe Gbɔgbɔa Ƒe Dɔwɔwɔ

 Esi míenɔ subɔsubɔdɔa wɔm le Titina Ɣedzeƒea, mɔnukpɔkpɔ geɖe su asinye mekpɔ ale si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nana amewo wɔa ɖeka. Megaɖoa ŋku dze vivi siwo meɖo kple Palestina ŋutsu eve siwo ƒe ŋkɔwoe nye Eddy kple Nicolas esime menɔ Biblia srɔ̃m kpli woa dzi. Wonɔ míaƒe kpekpeawo dem nyuie, gake wova dzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃ le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, elabe woƒo wo ɖokuiwo ɖe dunyahehe me vĩi. Medo gbe ɖa be Yehowa natrɔ woƒe dzi ɖe nyateƒea ŋu. Esi wova de dzesii be Mawu aɖe míaƒe kuxiwo katã, siwo dome Palestinatɔwo tɔ hã le ɖaa, wogate nua sɔsrɔ̃. (Yesaya 2:4) Esi woɖu dulɔlɔ̃ si nɔ wo me dzia, wova xɔ nyɔnyrɔ. Emegbe Nicolas va zu nutome sue dzikpɔla si doa vevie nu.

 Esi míenɔ subɔsubɔdɔa wɔm le dukɔ vovovowo me eye míekpɔ ale si mía nɔviwo yi edzi nɔ nuteƒe wɔm le nɔnɔme ɖe sia ɖe mea, ewɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Esi wonɔ nɔnɔme sesẽ geɖewo me tom taa, meɖoe nye taɖodzinu be manɔ dzi dem ƒo na wo ne míevae srã wo kpɔ le hameawo me. (Romatɔwo 1:11, 12) Le esia taa, medzea agbagba ɣeawokatãɣi be mabu ɖokuinye abe woawo ke ene. (1 Korintotɔwo 9:22) Ne mete ŋu de dzi ƒo na nɔvi siwo le nɔnɔme sesẽwo me toma, nye dzi dzea eme ŋutɔ.

 Dzidzɔ gã aɖe ŋutɔe wònyena nam ne mekpɔ ale si ame siwo míesrɔ̃ Biblia kplia va le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Wo dometɔ aɖewo ʋu yi duta le ʋunyaʋunya siwo nɔ edzi yim le woƒe dukɔa me ta. Gake woƒe ʋuʋua ɖe vi geɖe na nɔvi Arabgbe dola siwo le subɔsubɔdɔa wɔm le Australia, Canada, Europa, kple Amerika. Le ƒe ʋɛ siwo va yi mea, wo vi tsitsiwo dometɔ aɖewo trɔ yi Titina Ɣedzeƒea va le asi kpem ɖe subɔsubɔdɔa ŋu le afi si wohiã gbeƒãɖela dzinɔameƒotɔwo le. Dzi dzɔa mí ŋutɔ ne míekpɔ ame siwo gbegbe ŋu míekpe ɖo wova xɔ nyateƒea. Ame siawo va le abe viwo, tɔgbuiyɔviwo kple mamayɔviwo ene na mí!

Míayi Edzi Aɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ðaa

 Le míaƒe agbe me katãa, míekpɔe be Yehowa fia mɔ mí eye wòkpɔ mía ta le mɔ vovovowo nu. Meda akpe be Yehowa kpe ɖe ŋunye meɖe asi le nazãbubu kple dada si nɔ menye tsã esime menye ɖekakpuia ŋu. Hehe si nɔvi vovovo siwo ƒo dzi lea nama, kpe ɖe ŋunye mete ŋu gblɔ Biblia me nyateƒea na ame siwo tso dukɔ vovovowo me. Le nye kple Doris ƒe mɔzɔzɔwo katã mea, míedo go kuxi geɖewo, eye ɣeaɖewoɣia míenyana nu si ava dzɔ ɖe mía dzi gɔ̃ hã o. Gake esia kpe ɖe mía ŋu míesrɔ̃ ale si míaɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu ŋu bliboe, ke menye ɖe mía ɖokuiwo ŋu o.—Psalmo 16:8.

 Ne menye kɔ megbe le ƒe siwo metsɔ subɔ Yehowa mea, mekpɔe be Fofonye si le dziƒoa wɔ nu geɖe ŋutɔ nam, eye nyemate ŋu aɖo eteƒe nɛ o. Melɔ̃ ɖe nya si srɔ̃nye lɔlɔ̃a Doris gblɔna zi geɖea dzi be mele be míana naneke, eɖanye ku gɔ̃ hã, nawɔe be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ kple dzi blibo o! Míayi edzi anɔ akpe dam na Yehowa be ena mɔnukpɔkpɔ mí míeɖe gbeƒã ŋutifafagbedeasia le Titina Ɣedzeƒe. (Psalmo 46:8, 9) Míetsɔ kakaɖedzi le mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe, elabe míenya be Yehowa ayi edzi afia mɔ ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe eŋu eye akpɔ wo ta.—Yesaya 26:3.

a Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ƒuƒoƒo sia ŋua, kpɔ ƒe 1980 Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒegbalẽ, axa 186-188 (ele yevugbe me).

b Najib Salem ƒe agbemeŋutinya dze le September 1, 2001 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 22-26.