Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia—Videowo
Tu aɖaŋu siwo le vevie na nuxexlẽ kple nufiafia le dutoƒo la ɖo.
NUSƆSRƆ̃ 3
Nyabiasewo Ŋu Dɔ Wɔwɔ
Aleke nàte ŋu awɔ nyabiasewo ŋu dɔ atsɔ adzro nu me kple wò nyaselawo, atsɔ ana woayi edzi aɖo to, eye nàtsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi?
NUSƆSRƆ̃ 4
Susuhehe Yi Ŋɔŋlɔawo Dzi Nyuie
Aleke nàte ŋu akpe ɖe wò nyaselawo ŋu be mawunyakpukpui siwo nàxlẽ tso Biblia me la naɖe vi na wo geɖe wu?
NUSƆSRƆ̃ 5
Nuxexlẽ Nyuie
Nu vevi kawoe akpe ɖe mía ŋu be míakɔ gbe dzi axlẽ nu si tututu le dzedzem le agbalẽ dzi?
NUSƆSRƆ̃ 6
Na Nu Si Tae Nèxlẽ Ŋɔŋlɔa Ðo La Me Nakɔ
Nu kae wòle be nàwɔ le mawunyakpukpui aɖe xexlẽ vɔ megbe atsɔ akpe ɖe wò nyaselawo ŋu be woase susu si tae nèxlẽ mawunyakpukpuia ɖo la gɔme?
NUSƆSRƆ̃ 7
Nyaa Nede Pɛpɛpɛ Eye Kakaɖedzi Nanɔ Eŋu
Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be màgatrɔ gbo nyateƒea o?
NUSƆSRƆ̃ 8
Kpɔɖeŋu Siwo Me Nufiame Le
Aleke nàte ŋu awɔ kpɔɖeŋuwo ŋu dɔ nyuie abe Nufiafia Gã la ene?
NUSƆSRƆ̃ 9
Nu Siwo Wokpɔna Ŋu Dɔ Wɔwɔ Nyuie
Aleke nàte ŋu azã nɔnɔmetatawo, fotowo alo nu bubu siwo wokpɔna la atsɔ akpe ɖe wò nyaselawo ŋu be woase nya veviawo gɔme nyuie?
NUSƆSRƆ̃ 10
Gbetɔtrɔ Vovovoe
Aleke nàte ŋu atrɔ gbe vovovoe ale be wò nyawo me nakɔ eye woawɔ dɔ ɖe wò nyaselawo ƒe seselelãme dzi?
NUSƆSRƆ̃ 12
Vividoɖeameŋu Kple Veveseɖeamenu
Ne èle nu ƒom le amewo ŋkume la, ale ke nàte ŋu ado vivi ɖe wò nyaselawo ŋu ahaɖee afia wo be yetsɔ ɖe le eme na wo vavã?
NUSƆSRƆ̃ 13
Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa
Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖe nyati aɖe me na amewo woase ale si wòaɖe vi na woe la gɔme eye nàʋã wo be woawɔ ɖe edzi?
NUSƆSRƆ̃ 14
Na Nya Veviawo Nadze Ƒãa
Àte ŋu akpe ɖe wò nyaselawo ŋu be woaɖo to nyuie, woase nya si gblɔm nèle la gɔme ahaɖo ŋku wo dzi, ne èna wò nya veviawo dze ƒãa.
NUSƆSRƆ̃ 15
Ƒo Nu Kple Kakaɖedzi
Nu kae nàte ŋu awɔ be nàƒo nu kple kakaɖedzi ne èle dutoƒonuƒo ƒom alo èle gbeƒã ɖem na amewo?
NUSƆSRƆ̃ 16
Nyawo Nede Dzi Ƒo Eye Wòatu Ame Ðo
Nu vevi etɔ̃ kawoe wòle be míawɔ be míaƒe nuƒoƒo natu amewo ɖo eye wòana mɔkpɔkpɔ wo?
Ɖewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò
AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàbi ɖe dutoƒonuxexlẽ, nuƒoƒo kple nufiafia me.