Dzo kpo yi emenuwo dzi

Agbalẽ Kae Biblia Nye?

Agbalẽ Kae Biblia Nye?

Ale Si Biblia Ðo Eŋui

 Agbalẽ kɔkɔe vovovo 66 ye ƒo ƒu wɔ Biblia. Eŋɔŋlɔ xɔ abe ƒe 1,600 ene. Mawu ƒe nyawoe le Biblia me, eya ta woyɔe be “Mawu ƒe nya.”—1 Tesalonikatɔwo 2:13.

Nu siwo me míadzro le nyati sia me

 Nyateƒenya siwo ku ɖe Biblia ŋu

  •   Ame kae ŋlɔ Biblia? Mawu tɔe Biblia nye, gake ezã ŋutsu vovovo abe 40 ene woŋlɔe. Ŋutsu siawo dometɔ aɖewoe nye Mose, Fia David, Mateo, Marko, Luka kple Yohanes. a Mawu na wonya eƒe susuwo eye woŋlɔe ɖi.—2 Timoteo 3:16.

     Le kpɔɖeŋu me: Ne dɔtɔ aɖe gblɔ na eƒe agbalẽŋlɔla be wòaŋlɔ nane ɖi la, dɔtɔa tɔe nu si wòŋlɔ ɖi la nye, togbɔ be agbalẽŋlɔlae ŋlɔe hã. Nenema kee, togbɔ be amewoe Mawu na woŋlɔ eƒe nyawo ɖi hã la, eya tɔe Biblia nye.

  •   Nya “Biblia” gɔme ɖe? Helagbe me nya si nye biblia mee wòɖe nya “Biblia” tsoe, eye egɔmee nye “agbalẽ suesuesuewo.” Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, wozãa nya biblia tsɔ ɖɔa Biblia bliboa, si nye agbalẽ suesuesue siwo katã wotsɔ ƒo ƒu.

  •   Ɣekaɣie woŋlɔ Biblia? Wodze Biblia ŋɔŋlɔ gɔme le ƒe 1513 D.Y. me eye wowu enu le ƒe 98 K.Ŋ me. Esia xɔ abe ƒe 1,600 ene.

  •   Afi kae Biblia gbãtɔ la le? Biblia-gbalẽ gbãtɔ̃ siwo woŋlɔ la dometɔ aɖeke megali fifia o. Elabe nu siwo ate ŋu agblẽ dzie woŋlɔ wo ɖo ɣemaɣi. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye aƒlagbalẽ kple lãgbalẽ. Gake hafi nu siawo dome nagblẽ la, agbalẽŋlɔla bibiwo gbugbɔ ŋlɔa nya siwo le eme la beléletɔe ale be dzidzime siwo ava hã nate ŋu axlẽe.

  •   Nu kae nye “Nubabla Xoxoa” kple “Nubabla Yeyea”? Nu si ame geɖe yɔna be Nubabla Xoxoa ye nye Biblia ƒe akpa si woŋlɔ ɖe Hebrigbe koŋ me, b wogayɔnɛ hã be Hebri Ŋɔŋlɔawo. Nu si woyɔna be Nubabla Yeyea ye nye Biblia ƒe akpa si woŋlɔ ɖe Helagbe me, wogayɔnɛ hã be Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo. Akpa eve siawoe ƒo ƒu wɔ Biblia bliboa, si wogayɔna be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo. c

  •   Nya kawoe le Biblia me? Ŋutinyawo, sewo, nyagblɔɖiwo, hakpanyawo, lododowo, hadzidziwo kple lɛtawoe le Biblia-gbalẽ vovovoawo me.—Kpɔ “ Biblia-Gbalẽwo Ƒe Ŋkɔwo.”

 Nu ka ŋue Biblia ƒo nu tsoe?

 Le Biblia ƒe gɔmedzedze la, woƒo nu tso ale si Mawu Ŋusekatãtɔ la wɔ dziƒo kple anyigba ŋu kpuie. Mawu to Biblia dzi na míenya eƒe ŋkɔ, Yehowa, eye wòkpe mí be míate ɖe ye ŋu adze si ye.—Psalmo 83:18.

 Biblia na míenya ale si woƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ kple ale si wòakɔ eƒe ŋkɔa ŋu.

 Biblia na míekpɔ tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigba ŋu. Egblɔ ale si Mawu aɖe nu siwo nana amegbetɔwo kpea fu ɖa le etsɔme.

 Biblia ɖo aɖaŋu nyui siwo ɖea vi na mí gbe sia gbe. Le kpɔɖeŋu me:

  •   Ale si míana mía kple amewo dome nanɔ nyuie. “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.

     Nu si wòfia: Ele be míawɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si míadi be woawɔe ɖe mía ŋu ene.

  •   Ale si míawɔ anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu. “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe.”—Mateo 6:34.

     Nu si wòfia: Mele be míatsi dzi fũu akpa ɖe nu si ate ŋu adzɔ etsɔ si gbɔna ŋu o, ke boŋ míabu egbetɔ ko ŋu.

  •   Ale si míakpɔ dzidzɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖe me. “Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”—Efesotɔwo 5:33.

     Nu si wòfia: Ele be srɔ̃tɔwo nalɔ̃ wo nɔewo eye woade bubu wo nɔewo ŋu hafi woate ŋu akpɔ dzidzɔ.

 Ðe wotrɔ Biblia me nyawoa?

 Ao. Agbalẽnyalawo tsɔ Biblia siwo li fifia sɔ kple blema Biblia-gbalẽ siwo woŋlɔ kple asi eye wode dzesii be emenyawo metrɔ o. Esia mewɔ nuku o, elabe Mawu di be amewo naxlẽ yeƒe nya ase egɔme. Eya ta akpɔ egbɔ godoo be wometrɔ Biblia me nyawo o. dYesaya 40:8.

 Nu ka tae Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo li?

 Ame geɖe siwo li egbea la mate ŋu ase gbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo le blema gɔme o. Evɔ “nya nyui” aɖe le eme na “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ.” (Nyaɖeɖefia 14:6) Le esia ta, ele be woaɖe Biblia gɔme ɖe gbe vovovowo me ale be ame sia ame nate ŋu axlẽ Mawu ƒe nyaa ase egɔme nyuie.

 Biblia gɔmeɖeɖe ƒomevi etɔ̃e li:

  •   Gbe gɔme ɖeɖe nya-ɖe-nya-nu: Woɖea nyakui ɖe sia ɖe gɔme ale si woate ŋui.

  •   Susu siwo dze le nyaa me gɔme ɖeɖe: Woɖea gbe gbãtɔ si me woŋlɔ nyawo ɖo la gɔme le mɔ si ana gɔmesesea nadze nu.

  •   Gbe gɔme ɖeɖe kpokploe: Wotrɔa nyawo gblɔna kpokploe kple susu be wo xexlẽ navivi amewo nu. Gake gbe gɔme ɖeɖe alea nana gɔmesese ŋutɔŋutɔ si le nyawo ŋu la tea ŋu buna ɣeaɖewoɣi.

 Biblia gɔme ɖeɖe nyuitɔe nye esi me gbegɔmeɖelawo dzea agbagba zãa nyagbe siwo gɔme amewo ase bɔbɔe tsɔ ɖea Mawu ƒe nyaa gɔme nya ɖe nya nu wòdena pɛpɛpɛ. e

 Ame kae gblɔ nu si woaŋlɔ ɖe Biblia me?

 Esi wònye be Mawu tɔe Biblia nye ta, eyae gblɔ nu siwo woaŋlɔ ɖe eme. Blema Israel dukɔa ye wòtia gbã eye wòtsɔ “Mawu ƒe nya kɔkɔeawo de asi” na wo, si nye Hebri Ŋɔŋlɔawo.—Romatɔwo 3:2.

 Ðe Biblia-gbalẽ aɖewo bua?

 Ao. Biblia-gbalẽ aɖeke “mebu” o; ele blibo. Ame aɖewo gblɔna be ele be blema-gbalẽ aɖewo siwo woɣla hã nanɔ Biblia me. f Gake agbalẽ siwo katã wòhiã be woanɔ Biblia me lae ma le eme, eya ta Biblia le blibo. (2 Timoteo 1:13) Le susu sia ta, Biblia-gbalẽ siwo katã Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la me nyawo wɔ ɖeka. Gake womate ŋu agblɔ be blema-gbalẽ siwo katã amewo gblɔna be ele be woanɔ Biblia me la hã me nyawo wɔ ɖeka o. g

 Ale si nàwɔ ake ɖe mawunyakpukpuiwo ŋu le Biblia me

 

  Biblia-gbalẽwo ƒe ŋkɔwo

a Ne èdi be yeakpɔ agbalẽ siwo katã le Biblia me, ame siwo ŋlɔ wo, kple ɣeyiɣi si me woŋlɔ wo la, míeɖe kuku kpɔ “Biblia-gbalẽwo Ŋuti Nuŋlɔɖi.”

b Woŋlɔ Biblia ƒe akpa sue aɖe ɖe Aramgbe me; gbe sia kple Hebrigbea ɖi wo nɔewo le mɔ geɖe nu.

c Ame geɖe siwo xlẽa Biblia la lɔ̃a “Hebri Ŋɔŋlɔawo” kple “Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo” yɔyɔ. Elabe “Nubabla Xoxoa” yɔyɔ nana amewo susunɛ be edo xoxo eye “Nubabla Yeyea” ye va xɔ ɖe eteƒe.

d Kpɔ nyati si nye “Ðe Wotrɔ Biblia Me Nyawoa?

e Ame geɖe lɔ̃ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia xexlẽ elabe woɖe egɔme wòde pɛpɛpɛ eye exexlẽ le bɔbɔe. Xlẽ nyati si nye “Ðe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia De Pɛpɛpɛa?

f Woƒo agbalẽ siawo nu ƒu eye wona ŋkɔe be Apokrifa. Encyclopædia Britannica gblɔ be “le agbalẽ siwo ƒo nu ku ɖe Biblia ŋu me la, nya Apokrifa fia agbalẽ siwo katã dzi womeda asi ɖo be woanye Biblia ƒe akpa aɖe o.”

g Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso esia ŋu la, kpɔ nyati si nye “Apokrifa Nya Nyui Gbalẽwo—Yesu Ŋu Nyateƒenya Ɣaɣlɛwoe Wonyea?