Nu Kae Nye Dziƒo?
Ale si Biblia ɖo eŋui
Gɔmesese vovovo etɔ̃e le nya “dziƒo” ŋu le Biblia me: (1) yame si míekpɔna; (2) gbɔgbɔmenuto me; eye (3) enyea kpɔɖeŋu na ɖoƒe kɔkɔ. Le wo katã gome la, nya siwo wogblɔ ƒo ɣlae ye afia dziƒo si ŋu nya gblɔm wole. a
Yame si míekpɔna. Le go sia me la, “dziƒowo” nye yamenuto me, afi si ya ƒona le, afi si xeviwo dzona le, afi si tsi ɖona le, afi si sno tsona dzana kple afi si dzi kea dzo le. (Psalmo 78:26; Lododowo 30:19; Yesaya 55:10; Luka 17:24) Agate ŋu afia afi si “ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo” le hã.—5 Mose 4:19; 1 Mose 1:1.
Gbɔgbɔmenuto me. Nya “dziƒo” agate ŋu afia gbɔgbɔmenuto me, afi si kɔkɔ eye wòyi ŋgɔ wu yame si míekpɔna. (1 Fiawo 8:27; Yohanes 6:38) Mawu, si nye “Gbɔgbɔ,” kple mawudɔla siwo hã nye gbɔgbɔwoe le dziƒo sia. (Yohanes 4:24; Mateo 24:36) Ɣeaɖewoɣi la, woɖɔa “dziƒowo” wòfiaa mawudɔla wɔnuteƒe siwo nye “ame kɔkɔewo ƒe ha.”—Psalmo 89:5-7.
Biblia zãa “dziƒo” wòtsia tsitre ɖi na gbɔgbɔmenuto ƒe akpa si nye Yehowa ƒe ‘nɔƒe.’ (1 Fiawo 8:43, 49; Hebritɔwo 9:24; Nyaɖeɖefia 13:6) Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔe ɖi be woatsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aƒu gbe tso dziƒo eye womagaɖe mɔ na wo woado ɖe Yehowa ŋkume o. Gake woakpɔtɔ anɔ gbɔgbɔmenutowo me.—Nyaɖeɖefia 12:7-9, 12.
Enye kpɔɖeŋu na ɖoƒe kɔkɔ. Ŋɔŋlɔawo zãa “dziƒo” wònyea kpɔɖeŋu na ɖoƒe kɔkɔ, eye zi geɖe la, edoa ƒome kple dziɖuŋusẽ. Woate ŋu azã ɖoƒe sia na:
Yehowa Mawu ŋutɔ, si nye Dziɖulagã ŋusẽkatãtɔ la.—2 Kronika 32:20; Luka 15:21.
Mawu Fiaɖuƒe la, dziɖuɖu si axɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe. Biblia yɔ Fiaɖuƒe ma be “dziƒo yeye.”—Yesaya 65:17; 66:22; 2 Petro 3:13. b
Kristotɔ siwo si dziƒo yiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le, esime wokpɔtɔ le anyigba dzi.—Efesotɔwo 2:6.
Amegbetɔwo ƒe dziɖula siwo kɔ wo ɖokuiwo ɖe dzi wu wo teviwo.—Yesaya 14:12-14; Daniel 4:20-22; 2 Petro 3:7.
Gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le xexea dzi ɖum fifia.—Efesotɔwo 6:12; 1 Yohanes 5:19.
Aleke dziƒo le?
Nu geɖe yia edzi le dziƒo. Yehowa ƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔ akpe alafa geɖe “siwo wɔa eƒe nya dzi” la le afi ma.—Psalmo 103:20, 21; Daniel 7:10.
Biblia ɖɔ dziƒo be enye teƒe si kekeli geɖe le. (1 Timoteo 6:15, 16) Nyagblɔɖila Ezekiel kpɔ ŋutega aɖe si ku ɖe dziƒo ŋu, si me “keklẽ” manyagblɔ aɖe nɔ; Daniel hã kpɔ ŋutega bubu si ku ɖe dziƒo ŋu, si me wòkpɔ “dzotɔsisi” aɖe le. (Ezekiel 1:26-28; Daniel 7:9, 10) Dziƒo le dzadzɛ alo le kɔkɔe, eye wònya kpɔ ŋutɔ.—Psalmo 96:6; Yesaya 63:15; Nyaɖeɖefia 4:2, 3.
Nya siwo Biblia gblɔ tso dziƒo ŋu la wɔ nuku ale gbegbe. (Ezekiel 43:2, 3) Gake manya wɔ na amegbetɔwo be woase dziƒo ŋu nyawo gɔme bliboe o, elabena nu siwo le gbɔgbɔmenutowo me gɔmesese gbɔ amegbetɔwo ƒe susu ŋu.
a Nya si me woɖe Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “dziƒo” tsoe la fia “dzi” alo “kɔkɔƒe.” (Lododowo 25:3) Kpɔ agbalẽ si nye The New Brown, Driver, and Briggs Hebrew and English Lexicon of the Old Testament, axa 1029.
b Agbalẽ aɖe gblɔ be dziƒo yeye si ŋu nya wogblɔ le Yesaya 65:17 fia “dziɖuɖu yeye, Fiaɖuƒe yeye.”—McClintock and Strong’s Cyclopedia Babla IV, axa 122.