Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Lododowo 3:5, 6—“Mègaku Ðe Wò Ŋutɔ Wò Nugɔmesese Ŋu O”

Lododowo 3:5, 6—“Mègaku Ðe Wò Ŋutɔ Wò Nugɔmesese Ŋu O”

 “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ana wò mɔwo nadzɔ.”—Lododowo 3:5, 6, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

 “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo, mègaku ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o; ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe.”—Lododowo 3:5, 6, Agbenya La.

Nu Si Lododowo 3:5, 6 Fia

 Ele be míana Yehowa a Mawu nakpe ɖe mía ŋu míatso nya me le nya veviwo ŋu tsɔ wu be míawɔe le mía ɖokui si.

 “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me.” Míeɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu ne míewɔa nu ale si wòdii. Ele be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu tso dzi blibo me. Zi geɖe le Biblia me la, dzi la tsia tre ɖi na ame si míenye le ememe; esia fia míaƒe seselelãme, nuŋububu, nɔnɔme kple nu siwo ʋãa mí míewɔa nu. Eya ta be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu tso dzi blibo me bia nu geɖe wu ale si míase le mía ɖokui me ko. Enye nu si míaɖo koŋ awɔ elabe míeka ɖe edzi bliboe be mía Wɔlaa nya nu si nyo na mí wu.—Romatɔwo 12:1.

 “Mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o.” Ele be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu elabe esi míede blibo o ta, míaƒe nuŋububu masɔ ɣesiaɣi o. Ne mía ɖokui ŋu koe míeɖoa ŋu ɖo alo míaƒe seselelãmewo dzi koe míenɔa te ɖo wɔa nu la, ate ŋu adzɔ be míatso nya me le nane ŋu asusu be emae nye nyuitɔ, gake nu gbegblẽwo koe ava do tso eme na mí emegbe. (Lododowo 14:12; Yeremiya 17:9) Mawu nya nu wu mí bobobo. (Yesaya 55:8, 9) Eya ta ne míena wòfia mɔ mí la, nu siwo míawɔ la adze edzi.—Psalmo 1:1-3; Lododowo 2:6-9; 16:20.

 “Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi.” Le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa kple nyametsotso vevi ɖe sia ɖe si míawɔ me la, ele be míanya nu si nye Mawu ƒe susu le eŋu. Míate ŋu awɔ esia ne míedoa gbe ɖa nɛ be wòafia mɔ mí eye míewɔna ɖe nu siwo le eƒe Nya, Biblia me dzi.—Psalmo 25:4; 2 Timoteo 3:16, 17.

 “Ana wò mɔwo nadzɔ.” Mawu kpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu siwo le dzɔdzɔe ale be míaƒe mɔwo nadzɔ. (Lododowo 11:5) Esia wɔnɛ be míeƒoa asa na kuxi manyatalenuwo eye míekpɔa dzidzɔ geɖe wu.—Psalmo 19:7, 8; Yesaya 48:17, 18.

Nya Siwo Ƒo Xlã Lododowo 3:5, 6

 Aɖaŋuɖoɖo vevi siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ le agbe me eye míawɔ nu si dze Mawu ŋu ye le Lododowo ƒe agbalẽa me. Nya siwo le agbalẽa ƒe ta gbãtɔ va se ɖe asiekea le abe aɖaŋu si vifofo aɖe ɖo na viaŋutsu ene. Ta 3 lia gblɔ viɖe siwo ame kpɔna ne ebua mía Wɔlaa ƒe aɖaŋuɖoɖowo nu vevii eye wòwɔna ɖe edzi.—Lododowo 3:13-26.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.